Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 13:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Mekpɔ le ɣemaɣi hã be, Yudatɔwo ɖe nyɔnuwo tso Asdod, Amon kple Moab.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

23 Le ɣe ma ɣi ke la, mede dzesii be Yuda ŋutsu geɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 13:23
16 Iomraidhean Croise  

Ke fia Salomo lɔ̃ dutanyɔnu geɖewo, siwo tso Moab, Amon, Edom, Zidon kple Xet hekpe ɖe Farao-vinyɔnu la ŋu.


Eye nunɔla Ezra tsi tre gblɔ na wo bena Miewɔ nu tovo be, mieɖe nyɔnu tutɔwo, ne miana Israel ƒe fɔɖiɖi nadzi ɖe dzi.


Amesiawo katã ɖe nyɔnu tutɔwo, eye nyɔnuawo dometɔa ɖewo dzi viwo.


wokpe ɖe wo nɔvi, siwo nyee bubumewo la ŋu, eye wota nu heka atam be, yewoazɔ ɖe Mawu ƒe se, si woɖe to Mawu ƒe dɔla Mose dzi la nu, eye yewoalé Yehowa, mía Aƒetɔ ƒe sewo katã, kɔnuwo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye yiewoawɔ wo dzi.


Eya enye bena, míatsɔ mía nyɔnuviwo na anyigba dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo nyɔnuviwo na mia viŋutsuwo o.


Gbemagbe woxlẽ Mose ƒe segbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me, eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o;


Eye wo viwo ƒe afa doa Asdod-gbe, alo dukɔ si kple dukɔ keme ƒe gbe, ke womenya Yuda-gbedodo o.


Azɔ woase esia le mía ŋu be, miewɔ nu gbegblẽ gã sia heto vo de mía Mawu la ŋu be, míede dutanyɔnuwoa?


tete mede amewo do anyigbe gome le glia godo le gbagbagbe; meɖo dukɔ la le woƒe ƒomeawo nu, eye wole woƒe yiwo, akplɔwo kple dawo ɖe asi.


Dzra se, siwo maɖe na wò egbe la ɖo. Kpɔ ɖa, manyã Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le ŋgɔwò.


Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?


Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


woɖe Moab-nyɔnuwo, siwo dome ɖeka ŋkɔ nye Orpa, eye evelia ŋkɔ nye Rut; eye wonɔ afima anɔ ƒe ewo.


Ke Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye wotsɔe tso Eben-Ezer va Asdod.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan