Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 13:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Gbemagbe woxlẽ Mose ƒe segbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me, eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Gbe ma gbe ke esi wonɔ Mose ƒe Seawo xlẽm la, wokpɔ be woŋlɔ ɖi be womaɖe mɔ na Amonitɔwo alo Moabtɔwo woasubɔ Mawu le gbedoxɔ la me o,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 13:1
22 Iomraidhean Croise  

Eye fia la yi Yehowa ƒe aƒe la me, eye Yuda-ŋutsuwo katã kple Yerusalemtɔwo katã, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple dukɔ blibo la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa kpe ɖe eŋu, eye wòxlẽ nubabla ƒe agbalẽ, si wofɔ le Yehowa ƒe me la me nyawo katã ɖe woƒe towo me.


Mekpɔ le ɣemaɣi hã be, Yudatɔwo ɖe nyɔnuwo tso Asdod, Amon kple Moab.


Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe ɖɔla Tobiya wosee la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be, amea ɖe va nyui di ge na Israel-viwo.


Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe dɔla Tobiya kpakple Arabiatɔ Gesem wosee la, woɖu fewu heɖe alɔme le mia bu gblɔ bena: Nuka nye esi wɔm míele, ɖe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?


Ke míawo míedo gbe ɖa na mía Mawu la, eye míeɖe dzɔlawo ɖo wo ŋu keli kple zã le wo ta.


Tete nunɔla Ezra tsɔ se la va ameha la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpakple amesiame, si ale ŋu ase egɔme la ŋku me le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.


Wotsi tre ɖe wo teƒe, eye wotsɔ ŋkeke la ƒe akpa enelia xlẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe segbalẽ lae, eye wotsɔ akpa enelia ʋu wo ɖokui mea, eye wode ta agu ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋku me.


Midzro Yehowa ƒe agbalẽ me, eye miaxlẽe: Wo dɔmetɔa ɖeke makpɔtɔ o, eye womabu ɖe wo nɔewo o. Elabena nye nue de se, eye nye gbɔgbɔe ƒo wo nu ƒu.


Ɖe Moab ŋu Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Baba na Neho, elabena wogblẽe! Wòxɔ Kiryatayim, eye ŋukpe lée, wogbã mɔ̃ sesẽ la wòzu ŋukpe!


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.


Eye wòdɔ amewo ɖo ɖe Bileam, Beor vi gbɔ, le Petor le tɔsisi la nu le edetɔwo ƒe anyigba dzi, bena woayɔe vɛ hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe nye si ʋu tso Egipte, eye wònyẽ tsyɔ anyigba ŋku me, eye wòƒu asaɖa anyi ɖe mia kasa.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka woŋlɔ ɖe segbalẽa me mahã? Aleke xlẽm nèlea?


Eye esi woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo megbe la, fuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃menyaa ɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.


Elabena tso blema ke Mose ƒe gbeƒãɖelawo le du sia du me le esime be, woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo le Sabat sia Sabat dzi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan