Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 12:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Le Zerubabel ŋɔli kple Nexemya ŋɔli la Israel blibo la na nu hadzilawo kple agbonudzɔlawo, alesi nu hiã gbesiagbe; wotsɔ nunana kɔkɔeawo na Lewi-viwo, eye Lewi-viwo tsa nunana kɔkɔeawo na Aron viwo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

47 Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 12:47
14 Iomraidhean Croise  

Eye wòxɔ eƒe gbesiagbe nuɖuɖu, si wòhiã gbesiagbe la, tso Babel-fia gbɔ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Eye woyi ɖayɔ dua ƒe agbonudzɔlawo gblɔ na wo bena: Miede Aramtɔwo ƒe asaɖa me, eye kpɔ ɖa, amea ɖeke meli o, eye amegbetɔ ƒe gbe meɖi o, ke boŋ wode ka sɔwo kple tedziwo ɖi, eye agbadɔwo li, abe alesi wole ene.


wogbɔ kple Zerubabel, Yesuya, Nexemya, Seraya. Reelaya, Mardoxai, Bilsan, Mizpar, Bigewal, Rexum kple Baana, Israel-dukɔ la ƒe xexlẽme enye si.


Elabena fia la de se na wo, eye wodo kpe gbesiagbe fetu dzi na hadzilawo.


Nunɔlawo kple Lewi-vi, siwo gbɔ kple Zerubabel. Sealtiel vi, kpakple Yesua, wo ye Seraya, Yeremya, Ezra,


Nunɔla, siwo nye tatɔwo na aƒekɔwo le Yoyakim ŋɔli la, wonye: Meraya na Seraya; Xananya na Yeremya;


Amesiawo nɔ agbe le Yoyakim, Yesua vi, amesi nye Yozadak vi ŋɔli kple anyigba dzikpɔla Nexemya kpakple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala la ŋɔli.


Ke amesi wofiã nui le nya me la, nade ha kple amesi le nu fiam la, le nu nyuiwo katã me.


Eya hã naxɔ adzɔ ma kpli wo, negbe ƒomenu, si amea ɖe dzra la, koe mele eme o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan