Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 12:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Wosa vɔ geɖe gbemagbe, eye wokpɔ dzidzɔ, elabena Mawu do dzidzɔ gã na wo; nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose Yerusalem ƒe dzidzɔ la ŋkɔ le didiƒe ke.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

43 Míesa vɔ geɖewo le dzidzɔŋkeke sia dzi, elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gã aɖe. Nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose dzidzɔɣli tso Yerusalem le didiƒewo ke!

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 12:43
29 Iomraidhean Croise  

Eye Yuda blibo la tsi tre ɖe Yehowa ŋku me, keke woƒe vidzĩewo, wo srɔ̃wo kple woƒe viŋutsuwo ke hã le eme.


Eye Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-ŋutsuwo katã trɔ gbɔ, eye Yosafat le wo nu hegbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ, elabena Yehowa do dzidzɔ na wo ɖe woƒe tutɔwo ŋu.


Le dzinu adrelia ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi la edo mɔ dukɔ la woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, si Yehowa wo na Dawid kple Salomo kpakple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.


ele be dukɔ la mete ŋu de vovo ameha la ƒe dzidzɔseye kple avifagbe dome o; elabena dukɔ la tso dzidzɔseye sesĩ, eye wose ɣli la le didiƒe ke.


Esi wole Yerusalem ŋu gliawo ŋu kɔ ge la, woɖadi Lewi-viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ, ne woatsɔ akpedahawo, hadzidziwo, gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aɖu glia ŋu kɔkɔ ŋkekenyuie kple dzidzɔ ŋkekenyuie lae.


eye Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yoxanan, Malkiya, Elam kple Ezer, amesiwo nye hadzilawo la, dzi ha, eye Yizraxiya le wo nu.


Ne ena gbɔɖeme va aƒe la, ameka abu fɔe? Eye ne eɣla eƒe mo la, ameka ate ŋu akpɔe? Ke eƒe ŋkn le dukɔwo kple amegbetɔwo katã ŋu,


Azɔ nye ta kɔ dzi ɖe nye futɔ, siwo ƒo xlãm godoo la ŋuti mase aseyetsovɔ le eƒe agbadɔ me, madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.


Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.


Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia.


de kasaŋku ka ewo tɔ, saŋku kple gakasaŋku ƒe ɖiɖi ŋu.


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Emegbe la ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ; matrɔ woƒe nuxaxa wòazu dzidzɔ, mafa akɔ na wo, eye mado dzidzɔ na wo le woƒe konyifafa megbe;


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


Gbesigbe miele dzidzɔ kpɔm, alo miele ŋkekenyuie ɖum, alo ɣleti yeye dze dzi, eye miesa numevɔ kple akpedavɔ la, ekema miaku kpẽ, eye wòana mia Mawu naɖo ŋku mia dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Eye esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukudɔ, siwo wòwɔ, kple ɖevi, siwo le ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la! la, eve dome na wo.


Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!


Azɔ miawo hã miele nu xam fifia; ke magakpɔ mi, eye miaƒe dzi lakpɔ dzidzɔ, eye miaƒe dzidzɔ la, amea ɖeke maxɔe le mia si o.


eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me,


Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo.


Eye esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va asaɖa me la, Israel blibo la tso aseye hoo, ale be anyigba ʋuʋu.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan