Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 12:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Esi wole Yerusalem ŋu gliawo ŋu kɔ ge la, woɖadi Lewi-viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ, ne woatsɔ akpedahawo, hadzidziwo, gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aɖu glia ŋu kɔkɔ ŋkekenyuie kple dzidzɔ ŋkekenyuie lae.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

27 Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 12:27
34 Iomraidhean Croise  

Eve wova gblɔna fia Dawid bena: Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le Mawu ƒe aɖaka la ta. Tete Dawid yi ɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Obed-Edom ƒe me va Dawid ƒe ɖu la me kple dzidzɔ.


Eye Salomo tsa nyi akpe blave vo eve kple alẽ akpe alafa ɖeka kple blave sa akpedavɔe na Yehowa. Ale fia la kple Israel-viwo katã kɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋui enye si.


Tete Dawid kple Israel blibo la le ɣe ɖum le Mawu ŋku me kple ŋusẽ katã ɖe hadzidzi, saŋku kple kasaŋku, asiʋui kple gakogoe kpakple kpẽwo ŋu.


eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, miawo kple mia nɔviwò mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖakɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la va teƒe, si mewo nɛ.


Eye Dawid gblɔ na Lewi-viwo ƒe amegãwo be, woaɖe wo nɔvi, siwo nye hadzilawo, ne woatsɔ hadzinuawo, siwo nye: saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo, eye woana dzidzɔha nade dzi.


Israel blibo la le aseye tsom, le kpẽ kple dze kum, le gakogoe ƒom, eye wole saŋku kple kasaŋku ƒom sesĩe hetso Yehowa ƒe nubablaɖaka la yii.


Eye Dawid ƒo Aron-viwo kple Lewi-viwo nu ƒu.


Wotsɔ kpẽwo, gakogoewo kple Mawu ƒe hadzinuawo na wo hena kpẽkulawo. Eye Yedutun viwo nye agbonudzɔlawo.


kple woƒe hadzinuwo, siwo nye saŋkuwo kple kasaŋkuwo; woawo nye Asaf, si nye tatɔ, eyometɔ nye Zaxarya, Yeiel, Semiramot Yexiel, Matitya, Eliab, Benaya, Obed-Edom kple Yeiel. Asaf ƒoa gakogoe sesĩe,


ame akpe ene nanye agbonudzɔlawo, eye ame akpe ene natso hadzinu, siwo mewo hena kafukafuha la, akafu Yehowa.


Yeriya enye tatɔ le Xebron viwo dome Le Dawid ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blanelia me la wodo Xebron viwo ƒe ƒome la kpɔ le woƒe aƒekɔwo nu, eye wokpɔ ŋutsu kalẽtɔwo le wo dome le Yaezer le Gilead;


Eɖo Lewi-viwo Yehowa ƒe aƒe la me, eye wòlé gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ɖe asi le Dawid kple fia ƒe nukpɔla Gad kpakple nyagblɔɖila Natan ƒe sedede nu, elabena Yehowa ye de se la to eƒe nyagblɔɖilawo dzi.


Tete fia Xizkiya kple amegãwo ɖo na Lewi-viwo be, woatsɔ Dawid kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Yehowa. Wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


esime kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa, eye woda akpe ne zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ɖi sesĩe, eye esime wokafu Yehowa be: eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee la, tete alilikpo yɔ Yehowa ƒe xa la;


Nunɔlawo tsi tre ɖe wo nɔƒe, eye Lewi-viwo lé Yehowa ƒe hadzinu, siwo fia Dawid na wowɔ la, ɖe asi, ne woatsɔ Dawid ƒe kafukafuha ada akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee; nunɔlawo tsi tre ɖe wo kasa le kpẽwo kum, eye Israel blibo la le tsitrenu.


Eye Israel-viwo, nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple aboyome mamleawo kɔ mawuxɔ sia ŋu kple dzidzɔ.


Ke Israel kple nunɔlawo kpakple Lewi-viwo ƒe ame susɔeawo nɔ Yuda-duwo katã me, amesiame nɔ eƒe anyigba dzi.


Wosa vɔ geɖe gbemagbe, eye wokpɔ dzidzɔ, elabena Mawu do dzidzɔ gã na wo; nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose Yerusalem ƒe dzidzɔ la ŋkɔ le didiƒe ke.


Eye ameha blibo si gbɔ tso aboyo me la, wɔ agbadɔwo, eye wonɔ agbadɔwo me, elabena tso Yosua, Nun vi la ŋɔli la Israel-viwo mewɔ alea kpɔ o vaseɖe ŋkeke ma dzi, eye wònye dzidzɔ ga ŋutɔ.


Woatsɔ ɣeɖuɖu akafu eƒe ŋkɔ, eye woafsɔ asiʋui kple kasaŋku aƒo ha nɛ!


Dawid ƒe ha; xɔ ŋu kɔha.


Eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me, kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le dowòme la, miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nano la.


Eye dzikpɔlawo nagblɔ na aʋakɔ la bena: Ne ŋutsua ɖe tu xɔ yeye, eye meʋu ɖe eme haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naʋu ɖe eme o.


Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi!


Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan