Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 10:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye ne Lewi-viwo le nuawo ƒe ewolia dzɔm la, nunɔla, si nye Aron vi la, nanɔ Lewi-viawo gbɔ, eye Lewi-viawo natsɔ nuawo ƒe ewolia ƒe ewolia ayi nudzradoƒexɔwo me le mía Mawu ƒe aƒe la me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

39 Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. “Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 10:39
12 Iomraidhean Croise  

Eye woyi ɖayɔ dua ƒe agbonudzɔlawo gblɔ na wo bena: Miede Aramtɔwo ƒe asaɖa me, eye kpɔ ɖa, amea ɖeke meli o, eye amegbetɔ ƒe gbe meɖi o, ke boŋ wode ka sɔwo kple tedziwo ɖi, eye agbadɔwo li, abe alesi wole ene.


Eye Xizkiya de se be, woawɔ xɔwo ɖe Yehowa ƒe xɔ ta ŋu, eye wowɔ wo.


Eye wotsɔ nudzɔdzɔawo, nuwo ƒe ewolia kple nunana kɔkɔeawo de wo me dedie; eye wotsɔ Lewi-vi Xananya dowo nu hekpe ɖe nɔvia Simei, si kplɔe ɖo ŋuti.


Le Zerubabel ŋɔli kple Nexemya ŋɔli la Israel blibo la na nu hadzilawo kple agbonudzɔlawo, alesi nu hiã gbesiagbe; wotsɔ nunana kɔkɔeawo na Lewi-viwo, eye Lewi-viwo tsa nunana kɔkɔeawo na Aron viwo.


Le Yehowa, mía Mawu ƒe aƒe la ta madi wò nyui.


Gblɔ na Lewitɔwo be: Ne miexɔ nuwo ƒe ewoliawo ɖeka, si mexɔ le Israel-viwo si na mi, be wòanye miaƒe domenyinu le wo si la, ekema miɖe ewoliawo ɖeka le eŋu na Yehowa


Gblɔ na wo be: Ne mieɖe nyuitɔwo na adzoe la, ekema woabui na Lewitɔwo abe woawo ŋutɔe xa nu, eye wòfiã wein ene.


Mekpɔ mo ano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple ami ƒe ewolia, wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, nusiwo katã nèɖe adzɔgbe na kple nusiwo nana le ɖokuiwò si kpakple adzo, si wò asi na la, le wò duwo me o.


eye míagagblẽ mía ŋutɔwo miaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi amea ɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan