Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 10:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

29 Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 10:29
38 Iomraidhean Croise  

Ke Yehu melé ŋku ɖe Yehowa ƒe seawo ŋu, ne woazɔ ɖe wo nu kple eƒe dzi blibo o; eye meɖe, asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la nu o.


Eye fia la tsi tre ɖe enɔƒe hebla nu le Yehowa ŋku me, be yeadze Yehowa yome, eye yealé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kpakple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bia nu.


Amesiwo no woƒe anyigba dzi le woƒe duwo me gbã, wonye: Israel nunɔlawo, Lewi viwo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo.


Eye fia la tsi tre ɖe enɔƒe, eye wòbia nu kple Yehowa be, yeadze Yehowa yome, eye yealé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nubabla ƒe nyawo, esiwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi.


Azɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, lé nya, si nègblɔ na fofonye Dawid la me ɖe asi, esi nègblɔ be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ le nye sewo nu, abe alesi nèzɔ le ŋkunye me ene la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpui dzi la nu matso o.


Tete meka mo na wo, meƒo fi de wo, meƒo wo dome ŋutsua ɖewo, eye menya ɖa na wo, eye meta Mawu na wo bena: Migatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na woƒe ŋutsuviwo o, eye migaɖe woƒe nyɔnuviwo na míaƒe ŋutsuviwo kple mía ŋutɔwo ɖokui o!


Gbedoxɔ me dɔwɔlawo: Zixa viwo, Xasufa viwo, Tabaot viwo,


Tete nunɔla Ezra tsɔ se la va ameha la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpakple amesiame, si ale ŋu ase egɔme la ŋku me le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.


Eye wòxlẽe le dogba dzi le tsigbo la nu le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple amesiwo ate ŋu ase egɔme la ŋku me tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta, eye dukɔ blibo la ƒe to le te ɖe segbalẽ la ŋu.


Eye Israel-ƒome la ɖe eɖokui ɖa tso amedzroviwo katã dome, eye wote va heʋu woƒe nuvɔ̃wo kple wo fofowo ƒe vodadawo me.


ne woalé ŋku ɖe eƒe ɖoɖowo ŋu, eye woalé eƒe sewo me ɖe asi. Mikafu Yehowa!


Meka atam, eye nyemagbe edziwɔwɔ o be: Malé ŋku de wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu.


Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gatitɔwo tɔ nu.


dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo kpakple nusianu, si zɔa atsiaƒu me.


Elabena Yehowa ave Yakob nu, eye wòagatia Israel ahakplɔ wo aɖo woƒe anyigba dzi, du bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋu, eye woaku ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu.


Eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ne mieɖo tom, be miazɔ ɖe nye se, siwo mede na mi nu o,


Miawo mietrɔ egbe siawo, eye miewɔ nusi nyo le ŋkunye me, be miede gbe ƒã ablɔɖe na mia haviwo, eye miebla nu le ŋkunye me le aƒe, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me.


Maɖe nye gbɔgbɔ mia me, eye mana be, miazɔ ɖe nye ɖoɖowo kple nye sewo nu, ne mialé wo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.


Mínye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la kɔkɔetɔ menye, eye metia mi tso dukɔwo dome, bena mianye tɔnye.


Ale nunɔla naka atam agblɔ fiƒoɖenyawo na nyɔnu la bena: Yehowa ana fiƒode la naɖi ŋuwò, atrɔ zu ɖiŋudonu le wò dukɔ la dome; Yehowa ana wò ali naklẽ, eye ƒodo nadzi ɖe nuwo.


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Alo menye Mose ye na se la mi oa, eye mia dometɔa ɖeke mewo se la dzi o; nukaŋuti miele didim be, mia wum mahã?


Esi amesia va, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, edzɔ dzi, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple woƒe dzimeɖoɖo.


Gake ŋutsua ɖewo ku ɖe eŋu, eye woxɔe se, amesiwo dome hã Dionisio, Areopago to la, kple nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Damaris kpakple ame bubu, siwo kpe ɖe wo ŋu la le.


Eyaŋuti wò la megalɔ̃ edzi na wo o; elabena wo dome amesiwo de xa ɖe eŋuti la, wowu ŋutsu blane, siwo ƒo ti de wo ɖokui be, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge akpɔ o, vaseɖe esime yewoawu Paulo; eye azɔ la wosu te hele mɔ kpɔm na wò ŋugbedodo la.


Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!


See Mose ɖe na mi, si nye Yakob-ha la ƒe domenyinu.


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Israel, se ɖoɖo kple se, siwo gblɔ ge mala ɖe to me na mi egbea, misrɔ̃ wo, milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan