Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le nusiawo katã megbe la míebla nu ɖikaa, eye míeŋlɔe ɖi na míaƒe amegãwo, míaƒe Lewi-viwo kple míaƒe nunɔlawo, eye míeɖo ŋkɔ ete.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Ame siwo de asi nubabla sia te la woe nye: Nehemia, mɔmefia, Hakalia ƒe vi kple Zedekia,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 10:1
11 Iomraidhean Croise  

Eye fia la tsi tre ɖe enɔƒe hebla nu le Yehowa ŋku me, be yeadze Yehowa yome, eye yealé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kpakple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bia nu.


Eyata mina míabla nu kple mía Mawu la, ne míaɖe nyɔnuawo katã kple vi, siwo wodzi la ɖa, le nye aƒetɔ kple amesiwo vɔvɔ̃ ɖo le mía Mawu ƒe sea ŋu la ƒe aɖaŋuɖoɖo nu, eye woawɔe le se la nu!


Eye anyigba dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔetɔ ƒe ɖeke, o, vaseɖe esime nunɔlaa ɖe natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.


Nexemya, Haxalya vi ƒe ŋutinyawo nye esi: Le dzinu Kisiew dzi le ƒe blavelia me, esime mele Susa-mɔ̃ me la.


Amesiwo ɖo ŋkɔ ete, wonye: anyigba dzikpɔia Nexemya, Xaxalya kple Zedekiya,


wokpe ɖe wo nɔvi, siwo nyee bubumewo la ŋu, eye wota nu heka atam be, yewoazɔ ɖe Mawu ƒe se, si woɖe to Mawu ƒe dɔla Mose dzi la nu, eye yewoalé Yehowa, mía Aƒetɔ ƒe sewo katã, kɔnuwo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye yiewoawɔ wo dzi.


Eye anyigbanua dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe-tɔwo ƒe ɖeke o, vaseɖe esime nunɔla natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.


Aƒekɔwo ƒe amegãa ɖewo na nu ɖe dɔ la ŋu. Nusiwo anyigba dzikpɔla na hetsɔ de kesinɔnu la me la, wonye: sika dariko akpe ɖeka, ʋutre blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe dziwui alafa atɔ̃ kple blaetɔ.


Tete anyigba dzikpɔla Nexemya kple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala, kpakple Lewi-vi, siwo le eme ɖem na dukɔa la, gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ŋkeke sia ŋu kɔ na Yehowa, mia Mawu la, migaxa nu o, eye migafa avi o! Elabena dukɔ blibo le avi fam, esime wose se la me nyawo.


Eye Mose ŋlɔ Yehowa ƒe nyawo katã, eye wòtso ŋdi kanya ɖaɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo dzesikpe wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu ɖe to la te.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan