Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 ke ne mietrɔ de ŋunye, eye mielé nye sewo me ɖe esi hewɔ wo dzi la, nenyo be, miaƒe amesiwo woɖe aboyoe la, de wòle keke dziƒo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu tso afima akplɔ ava teƒe, si metia be, nye ŋkɔ nana afima.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

9 ke ne mietrɔ va gbɔnye, eye miewɔ nye seawo dzi la togbɔ be woɖe aboyo mi yi xexea me ƒe dzogoe didiƒetɔwo mee hã la, makplɔ mi tso teƒe mawo, eye makplɔ mi va teƒe si metia be wòanye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.’

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 1:9
28 Iomraidhean Croise  

eye wòtrɔ ɖe ŋuwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le woƒe futɔ, siwo ɖe aboyo wo, ƒe anyigba dzi, eye woaɖo gbe ɖa na wò aɖo ɖe woƒe anyigba, si nètsɔ na wo fofowo kple ɖu, si nètia kpakple xɔ, si metu na wò ŋkɔ dzi la,


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Mese wò gbedodoɖa kple wò koko, si neƒo le ŋkunye me la; meka xɔ sia, si nètu, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo afima tegbee la ŋu, eye nye ŋku kple nye dzi anɔ afima ŋkekeawo katã.


Eye migblɔ be: Wò Mawu, miaƒe xɔla, xɔ na mi, ƒo nua nu ƒu, eye ɖe mi tso dukɔwo si me, ne míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye miatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee!


Eye Mawu, si na be, yeƒe ŋkɔ nana afima la, atsrɔ̃ fia sia fia kple dukɔ, si ado eƒe asi ɖa, be yeatsrɔ̃e, eye yeagblẽ mawuxɔ sia le Yerusalem la! Nye Dario ye ɖe sea, ele be, woawoe pɛpɛpɛ!


Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, eye naƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, ne míakafu wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee!


eye wòƒo wo nu ƒu tso anyigbawo dzi, tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, tso anyiehe kple dziehe la!


Yehowa tsoa Yerusalem, eƒoa Israel ƒe amesiwo woka hlẽ la, nu ƒu;


Akɔ aflaga dzi na dukɔwo, eye wòaƒo Israel ƒe amesiwo woava de gbe kple Yuda-nyɔnu, siwo wokaka hlẽ la nu ƒu tso anyigba ƒe go eneawo dzi.


Eye ava me le ɣemaɣi be, Yehowa atsa ali aƒo luwo tso tɔsisi la nu vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woata mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.


Aƒetɔ Yehowa, amesi ƒo Israel ƒe ame kahlẽwo nu ƒu la be: Magaƒo amewo nu ƒu akpe ɖe ame ƒoƒuawo ŋu.


Ke ne meho wo ɖa megbe la, magakpɔ nublanui na wo, eye mana amesiame nagbugbɔ ayi eƒe domenyinu gbɔ, eye amesiame nayi eƒe anyigba dzi.


Yehowa be: Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, elabena nyee nye mia srɔ̃, eye maɖe ame ɖeka tso du me kple ame eve tso ƒome me ahakplɔ mi ava Zion;


Mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, mitoe le ƒukpowo dzi le didiƒe gblɔ bena: Eya, amesi kaka Israel hlẽ la, agaƒo enu ƒu, eye wòanyii, abe alesi lãkplɔvi nyia lãhae ene.


Kpɔ ɖa, maƒo wo nu ƒu atso anyigbawo katã dzi, afisi menyã wo ɖo ɖo le nye dɔmedzoe kple nye dziku kpakple nye nyanyrã gã me, magakplɔ wo ava teƒe sia, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ,


Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe tso anyiehe-nyigba dzi gbɔna, eye anyigba dzi dukɔ gãa ɖe nyo tso anyigba ƒe mlɔenu.


Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mitrɔ, mitrɔ tso miaƒe legbawo yome, eye miɖe kɔ ɖa le miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu!


Makplɔ mi atso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu atso anyigbawo katã dzi ahakplɔ mi ava miaƒe anyigba dzii.


Ne mielé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, eye miedzra nye seawo ɖo hewɔ wo dzi la,


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖe nye dukɔ tso ɣedzeƒe-nyigba kple ɣeloɖoƒe-nyigba dzi,


Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.


Ne teƒe, si Yehowa, wò Mawu tia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ, didi na wò akpa la, ekema wu wò nyi alo alẽ, si Yehowa na wò la, abe alesi mede se na wò ene, eye naɖui le wò du me, abe alesi nèdi ene.


ke boŋ teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia tso miaƒe towo dome, bena yeƒe ŋkɔ nanɔ alima la, teƒe ma yome mɔ miadi, eye afima miayi;


Ne nya siawo katã ava dzo ɖe dziwò, yayra kple fiƒode, tsiwo metsɔ ɖo ŋkuwò me, eye wode dzigbɔ na wò le dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, nyã wò ɖo ɖo,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan