Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 ke wò to, eye naʋu wò ŋkuwo, ne nase wò dɔla ƒe gbe, si, mele dodom ɖa egbe le ŋkuwò me zã kple keli ɖe wò dɔla Israel-viwo ta, eye meʋu Israel-viwo ƒe nuvɔ̃, siwo miewɔ de ŋuwò la me; mía kple fofonye ƒe aƒe hã míewɔ nuvɔ̃.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 1:6
34 Iomraidhean Croise  

Eye ɖo to koko, si wò dɔla kple wò dukɔ Israel aƒo le teƒe sia, eye nasee le nɔwòƒe le dziƒo; ne èsee la, ekema tsoe ke.


eye woyi ta me le anyigba, si dzi wokplɔ wo yii, eye wòtrɔ heƒo koko na wò le woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi gblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, míeda vo, eye miewɔ nu vlo;


Azɔ miele bubum be, miazi Yuda-viwo kple Yerusalem-viwo dzi, ne woanye dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo na mia? Ɖe menye fa ɖeɖe sɔŋ ko miawo hã míeɖi ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu oa?


Elabena mía fofowo da vo, eye wowɔ nusi nye vɔ le Yehowa, mia Mawu ŋku me; wogblẽe ɖi, eye woɖe ŋku ɖa le Yehowa, si wotrɔ megbe dee la ƒe nɔƒe la ŋu.


Azɔ nye Mawu, wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu, eye wò towo nenɔ te ɖe gbe, si woaɖo ɖa le teƒe sia la ŋu.


Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.


Eyata miʋu mia ɖokui me na. Yehowa, mía Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye miklã mia ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo kple nyɔnu tutɔwo ŋu!


Oo Aƒetɔ, ke wò to de wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple wò dɔla, siwo wò ŋkɔ vɔvɔ dzrona la ƒe gbedodoɖa ŋu, na wòadze edzi na wò dɔla egbea dzro, eye nana ŋutsu sia nave enu! Fia ƒe ahakula menye.


Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me,


Míewɔ nuvɔ̃ kpe ɖe mía fofowo ŋu, míeɖa vo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.


Aƒetɔ, ɖo to nye gbe, eye nalé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu.


Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.


Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome.


Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam.


Hadzidzi. Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Dɔléle“ ƒe gbe nu. Heman tso Ezrax-viwo dome ƒe nufiameha.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


Mia fofowo wɔ nuvɔ̃, eye womegali o, ke míawo míele woƒe vodadawo tsɔm.


Azɔ Aƒetɔ, mía Mawu, wò amesi tsɔ alɔ sesẽ kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wòle egbe siawo ene, míewɔ nuvɔ̃, eye míewɔ nu tovo.


Esi megale nuƒoƒo dzi, mele gbe dom ɖa, mele nye nuvɔ̃wo kple nye dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le koko ƒom na Yehowa, nye Mawu la, ɖe nye Mawu ƒe to kɔkɔe la ta,


Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi!


Míewɔ nuvɔ̃, míeda ƒu, eye míewɔ nu tovo, miese to, eye míeƒo asa na wò sewo kple wò ɖoɖowo.


Aƒetɔ, mía kple míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo kple mía fofowo, mí amesiwo wɔ nuvɔ̃ de ŋuwò la, mía tɔe nye ŋukpe.


Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?


eye wònye ahosi, si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene, eye medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsiɖɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli.


amesiwo dome mí katã hã miezɔna le tsã le miaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime miewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene. —


Ke nyɔnu, si nye ahosi vavã, eye amea ɖeke meli nɛ o la, tsɔa eƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa Mawu dzi, eye wònɔa kukuɖeɖewo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.


Meda akpe na Mawu, amesi mesubɔna, abe alesi menyae, tso tɔgbuitɔgbuinyewo gbɔ ene le dzitsinya dzadzɛ me, abe alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo dziwò le nye kukuɖeɖewo me zã kple keli o ene —


Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.


Evem be, meɖo fia Saul, elabena etrɔ megbe ɖem, eye mewo nye gbe dzi o. Tete dzi ku Samuel, eye wòdo ɣli na Yehowa zã blibo la.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan