Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Esi mese nya siawo la, mebɔbɔ nɔ anyi hefa avi, eye mexa nu, ŋkeke geɖe, metsi nu da, eye medo gbe ɖa le dziƒo Mawu la ŋku me

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

4 Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 1:4
22 Iomraidhean Croise  

Ke Dawid ƒo koko na Mawu le ɖevi la ta, eye Dawid tsi nu da, eye wòtsi anyigba da.


eye dzika tso ƒowò, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le Yehowa ŋku me, le esi nèse nya, si megblɔ ɖe teƒe sia kple eme nɔlawo ŋu be, azu aƒedo kple ɖiŋudodo, eye nedze wò awuwo hefa avi le ŋkunye me la, nye hã mesee; Yehowa gblɔe!


Elabena Salomo tsɔ akɔbli wɔ kɔkɔƒea ɖee heda ɖe xɔxɔnu la titina; edidi abɔklugui atɔ̃, keke abɔklugui atɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui atɔ̃; eya dzi wòtsi tre ɖo hedze klo le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo


Persia-fia Kores ƒe gbe enye si: Yehowa, dziƒo Mawu la, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòde se nam be, matu xɔ na ye de Yerusalem le Yuda.


Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.


Esi mese nya siawo la, medze nye awuwo kple nye awu ʋlaya, mekaka nye taɖa kple nye ge, eye mebɔbɔ nɔ anyi de kɔ to.


Eye esi wole fiẽnuɖuvɔ sam la, metsi tre tso nye nuxaxa me, eye nye awu kple nye awu ʋlaya la dzedze, eye medze klo heke nye abɔwo me na Yehowa, nye Mawu la,


Tete meɖo ŋu gblɔ na wo bena: Dziƒo Mawu la ana wòadze edzi na mi, eye mi, eƒe dɔlawo, míatso aɖo wo; ke miawo la gome kple nya kpakple ŋkɔa ɖeke mele mía si le Yerusalem o.


Fia la gblɔ nam be: Nuka biam nèle? Tete mede gbe ɖa na dziƒo Mawu la,


Elabena wò dɔlawo melɔ̃a nu le eƒe kpewo gbɔ o, eye eƒe anyiglãwo ƒe nu vea wo.


Mida akpe na dziƒo Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee!


Babel-tɔsisiwo nu, gama míebɔbɔ nɔ anyi ɖo hele avi fam, esime míaƒe ŋku ɖo Zion dzi.


Ɣemaɣi nye Daniel mexa nu kwasiɖa eta sɔŋ.


ne woabia amenuveve le dziƒo ƒe Mawu la si le nya ɣaɣla sia la, ne womagawu Daniel kple eƒe hatiwo akpe ɖe Babel-nunyala mamleawo ŋu o.


Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko,


Eɖo ŋu na wo bena: Hebritɔ menye, eye mevɔ̃a Yehowa, dziƒo Mawu la, amesi wɔ atsiaƒu kple anyigba ƒuƒui.


Maƒo amesiwo le nu xam, eye wole adzɔge tso takpekpe gbɔ la nu ƒu; mia deviwo wonye, eye ŋukpe le wo dzi.


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan