Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Oo Aƒetɔ, ke wò to de wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple wò dɔla, siwo wò ŋkɔ vɔvɔ dzrona la ƒe gbedodoɖa ŋu, na wòadze edzi na wò dɔla egbea dzro, eye nana ŋutsu sia nave enu! Fia ƒe ahakula menye.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

11 O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.” Fia la ƒe ahakulae menye.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 1:11
27 Iomraidhean Croise  

Esi meva ɖo vudoa to egbea la, medo gbe ɖagblɔ bena: Yehowa, wò nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Ne ana nye azɔli, si dzi mele, nadze edzi nam la, — kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to —


nye medze wò nublanui, si nèkpɔ nam, kple wò anukware, si nẽɖi na wò dɔla la dometɔa ɖeke o; elabena nye ati sia metsɔ tso Yordan sia, ke azɔ la metrɔ zu asafokɔ eve.


Ebiae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eɖo ŋu bena: Yakob.


Le nya siawo megbe la Egipte-fia ƒe ahakula kple aboloƒola woda vo ɖe woƒe aƒetɔ, Egipte-fia ŋuti.


Eye Farao do dɔmedzoe ɖe eŋuti me eveawo, ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒola wo ƒe amegã ŋuti.


Egatsɔ ahakulawo ƒe amegã la ɖo eƒe ahakudɔ nu, bena wòagatsɔ kplu anɔ asi ɖem na Farao.


Ahakulawo ƒe amegã megaɖo ŋku Yosef dzi o, ke boŋ eŋlɔe be.


Tete ahakulawo ƒe amegã ƒo nu kple Farao gblɔ bena: Egbe la meɖo ŋku nye vodada dzi.


Mawu ŋusẽkatãtɔ la ana bena, ŋutsu la nave mia nu, eye woaɖe asi le mia nɔvi la kple Benyamin ŋuti na mi. Ke ne vinyewo le bubum hã, ne wònɔ bubum ko dzro.


Azɔ nye Mawu, wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu, eye wò towo nenɔ te ɖe gbe, si woaɖo ɖa le teƒe sia la ŋu.


Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la — ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa nya Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena;


Ezra sia ho tso Babel va, enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu, de la me. Fia la na nusiwo kalã wòbia lae, elabena Yehowa, eƒe Mawu ƒe asi le edzi.


ke wò to, eye naʋu wò ŋkuwo, ne nase wò dɔla ƒe gbe, si, mele dodom ɖa egbe le ŋkuwò me zã kple keli ɖe wò dɔla Israel-viwo ta, eye meʋu Israel-viwo ƒe nuvɔ̃, siwo miewɔ de ŋuwò la me; mía kple fofonye ƒe aƒe hã míewɔ nuvɔ̃.


Eye wòva me le dzinu Nisan li me le fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia me, esime wein le egbɔ le metso wein la de esi na fia la; — ke nyemeɖo adã le eŋku me kpɔ o.


kple agbalẽ matsɔ na fia ƒe ave dzikpɔla Asaf, be wòatsɔ atiwo nam, ne matsɔ akpa mɔ̃ la ƒe agbowo, siwo le gbedoxɔ kple du la ƒe gliwo kpakple aƒe, si me yi ge mala la ŋu. Tete fia la lɔ̃ edzi nam, elabena nye Mawu ƒe asi nyui le dzinye.


Eye wòna amesiwo katã ɖe aboyo wo la, kpɔ nublanui na wo.


Aƒetɔ, ɖo to nye gbe, eye nalé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu.


Medi be, mana wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala te. Sela.


Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nalé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu!


Le esi wolé fu sidzedze, eye womedo Yehowa-vɔvɔ̃ o,


Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.


mana nublanuikpɔkpɔ nasu mia si, eye wòakpɔ nublanui na mi ahakplɔ mi agbo va miaƒe anyigba dzi.


Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si; Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.


Mido gbe ɖa ɖe mia ta; elabena míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mia si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan