Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Nehemia 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Wò ŋutɔ wò dɔlawo wonye kple wò dukɔ, si nède kple wò ŋusẽ ga kpakple wò alɔ sesẽ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

10 “Wò dɔlawoe míenye, dukɔ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ sesẽ la ɖee lae míenye.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Nehemia 1:10
17 Iomraidhean Croise  

kple asi sesẽ kpakple abɔ, si wodo ɖe dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee.


Ɖo ŋku wò ameha, si nèxɔ ƒle le blema, eye nèɖe, be natsɔ awɔ domenyinu na ɖokuiwò, kple Zion-to, si dzi nèle la dzi!


Tɔwòe nye ãlɔ sesẽ, ŋusẽ le wò esi ŋu, eye wò nuɖusi ɖe dzi.


Eye ne viwòŋutsu ava bia wò bena: esia gɔme ɖe mahã la, ekema gblɔ ne bena: Asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mí tso Egipte, afisi míenye kluviwo le.


Eye wòanye dzesi anɔ wò asi ŋu kple ŋgoblanu anɔ wò ŋgonu, elabena alɔ sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso Egipte.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte.


Eve wò dukɔ la nu hekplɔ wo, eye nèɖe wo. Ekplɔ wo kple wò ŋusẽ heva wò teƒe kɔkɔe la.


Ke Mose ƒo koko na Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena. Yehowa, nukaŋuti wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ, si nẽkplɔ tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽ gã kpakple asi sesẽ la ŋuti mana?


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.


Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion zu gbegbe, eye Yerusalem tsi anyi aƒeɖoe.


Ɖo ŋku edzi bena, wò hã ènye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa, wò Mawu, xɔ wò ƒle, eyata mede se sia na wò agbea ɖo.


evɔ wònye dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ wònye, eye nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò abɔ, si nedo ɖe dzi kplɔ wo hafi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan