Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye aʋafia la ɖo eŋu gblɔ bena: Aƒetɔ, medzem be, nava ge ɖe nye xɔ te o; ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔtsɔla ƒe lãme asẽ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

8 Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 8:8
18 Iomraidhean Croise  

Eye Yakob gblɔ bena. Wò, fofonye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu, Yehowa, wò amesi gblɔ nam bena: Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyuie na wò la,


Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi,


Edo eƒe nya da wòyɔ dɔ wo, eye wòhe wo tso woƒe ʋe la me.


Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di.


Tsɔ wò atikplɔ, eye mia kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye naƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, ekema ana tsi. Ale nana tsi nado le agakpe la me, bena ha la kple woƒe lãwo nano.


Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


Ke Yohanes xe mɔ nɛ gblɔ bena: Nye boŋ wòhiã bena, wò nade mawutsi ta na, eye wòa nèva gbɔnyea?


Tete Yesu do abɔ da, eye wòde asi eŋu gblɔ bena: Meli, ŋutiwò nekɔ! Eye enumake eƒe anyi la kɔ ɖa.


Egblɔ nɛ bena: Nye la megbɔna be, mada gbe le eŋu.


Elabena nye hã menye amesi le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye; eye ne megblɔ na ame sia be: Yi! eyina; eye ne megblɔ na ame bubu bena: Va! evana; eye ne megblɔ na ye dɔtsɔla bena: Wɔ esia! ewɔnɛ.


Nyemegadze be, nayɔm be viwò o; wɔm abe wò dɔlawo dometɔ ɖeka ene.


Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


amesi le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matu o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan