Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 8:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, nye dɔtsɔla mlɔ anyi le aƒe me le lãmetutudɔ lém, eye wòle fu kpem ŋutɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒe me, eye wòle vevesese gã aɖe me.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 8:6
12 Iomraidhean Croise  

Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Egblɔ nɛ bena: Nye la megbɔna be, mada gbe le eŋu.


Eye kpɔ ɖa, wotsɔ lãmetututɔa ɖe, si mlɔ aba dzi la, va egbɔ. Ke esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la la, egblɔ na lãmetututɔ la bena; Vinye, na wò dzi nadze me, wotso wò nuvɔ̃awo ke wò.


Ke esi dɔla, si ƒo nu kplii la; dzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dome ame eve kpe ɖe asrafoa ɖe, si vɔ̃a Mawu la ŋu, tso amesiwo dzɔ a eŋu la dome;


Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu.


Eye afima wòkpɔ ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Ainea, amesi mlɔ eƒe aba dzi ƒe enyi sɔŋ, elabena ele lãmetutudɔ lém.


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Mi aƒetɔwo la, miwɔ nusi dzɔ, eye wòsɔ la, na miaƒe dɔlawo, esi mienyae bena, Aƒetɔ li na miawo hã le dziƒo la ta.


Ke amesiwo si aƒetɔ xɔsetɔwo le la, womagaɖo vlo wo, le esi wonye nɔviwo la ŋuti o, ke boŋ woasubɔ wo vevie wu; elabena amesiwo kpea woƒe dɔ nyui wɔwɔ ƒe viɖe la, wonye xɔsetɔwo kple lɔlɔ̃tɔwo.


megale abe kluvi ene o, ke boŋ wu kluvi la, ele abe nɔvi lɔlɔ̃ ene, vevietɔ na nye, ke aleke geɖe wu wònyee na wò le ŋutilã me kple Aƒetɔ la me siaa?


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan