Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 8:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi wòva Kapernaum la, aʋafiaa ɖe va egbɔ le kuku ɖem nɛ

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

5 Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, aʋafia aɖe va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 8:5
15 Iomraidhean Croise  

Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wo ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa? Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke; elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewò la, ɖe wowɔ wo le Sodom la, ne etsi anyi vaseɖe egbegbe.


Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!


Eye esi woʋu le Nazaret la, eva nɔ Kapernaum, si le ƒua nu le Zebulon kple Naftali-nutowo me,


Eye esi wòɖo ʋu la, etso ƒu la va ye ŋutɔ ƒe dua me.


Ke esi aʋafia, si le tsitre dze ŋgɔe la, kpɔ bena, etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na ale la, egblɔ bena: Nyateƒe, nenem me sia enye Mawuvi.


Eye esi wògayi ɖe Kapernaum le ŋkekea ɖewo megbe la, wose bena, ele aƒea me.


Eye esi wohee ɖe ka me, be woaƒoe la, Paulo gblɔ na aʋafia, si le tsitre ɖe egbɔ la bena: Ɖe woɖe mɔ na mi be, míaƒo amesi nye Romatɔ kple atam fɔ mabumabua?


Tete Paulo ya aʋalawo dometɔ ɖeka va egbe gblɔ bena: Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafia gã la gbɔ, elabena nyaa ɖe le esi be, wòaka eta nɛ.


Eye wòyɔ aʋafiawo dome ame eve va egbɔ gblɔ bena: Midzra asrafo alafa eve ɖo, ne wòayi Kaisarea kple sɔtɔ blaadre kpakple akplɔtɔ alafa eve le zã gaƒoƒo etɔ̃lia dzi;


Eye esi dzieheya ƒo bɔbɔe la, wobu xa bena, yewoƒe tameɖoɖo la le eme va ge, eye woho seke heho to Kreta ŋku me kekeake.


Paulo gblɔ na aʋafia la kple asrafoawo bena: Ne amesiawo menɔ ʋua me o la, miate ŋu akpɔ ɖeɖe o.


Gake esi aʋafia la le didim bena, yeaɖe Paulo la, exe mɔ na woƒe tameɖoɖo la, eye wòde se bena, amesiwo ate ŋu aƒu tsi la, nadzo kpo gbã adze ƒua me, ne wòayi gota,


Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan