Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 8:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke esi Yesu kpɔ ameha geɖewo le eŋuti la, eɖo bena, yewoatso ƒu la ayi egodo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

18 Esi Yesu kpɔ be ameha geɖewo nɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 8:18
10 Iomraidhean Croise  

Ke eva ve me le ŋkeke mawo dome ɖeka dzi bena, eya ŋutɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe ʋua ɖe me, eye wògblɔ na wo bena: Mina ne míayi ta la godo, eye woɖe ʋu yi.


Eye esi Yesu dze sii bena, wole vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi de to la dzi.


Eye le nenem ŋkeke ma dzi, esi fìẽsi ɖo la, egblɔ na wo bena: Mina ne míayi go keme dzi.


Eye Yesu ƒoe ɖe nusrɔ̃lawo nu enumake bena, woaɖo nu adze ye ŋgɔ ayi go keme dzi, vaseɖe esime yeaɖe asi le amehawo ŋu.


Eye wògblẽ wo ɖi gaɖo ʋu heyi go keme dzi.


Eye enumake wòƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be, woaɖo ʋu, ne wòadze ye ŋgɔ ayi go keme dzi ɖe Betsaida, vaseɖe esime ye ŋutɔ yeaɖe asi le ameha la ŋu.


Eye esi Yesu ɖo ʋu gatso ƒua va egodo la, ameha gãa ɖe ƒo ƒu ɖe eŋuti, eye wònɔ ƒu la nu.


Eye esi wòɖi tso toa dzi la, ameha geɖewo kplɔe ɖo.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan