Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 8:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke esi Yesu see la, eƒe mo wo yaa, eye wògblɔ na amesiwo le eyome la bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

10 Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 8:10
9 Iomraidhean Croise  

Eye wobɔbɔ nɔ anyi dze ŋgɔe le kplɔ̃a ŋu, eye wòɖo wo tso tsitsitsɔ dzi vaseɖe ɖevitɔ dzi ɖe woƒe tsitsime nu; ke ŋutsuawo ƒe nu ku, eye wode asi wo nɔewo kpɔkpɔ me.


Tete Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: O, nyɔnu, wò xɔse la lolo! Neva mè na wò, abe alesi nèdi ene. Eye eƒe nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.


Ke mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo latso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ava, eye woanɔ kplɔ̃ ŋuti akpe ɖe Abraham, Isak kple Yakob ŋuti le dziƒofiaɖuƒe la me;


Elabena nye hã menye amesi le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye; eye ne megblɔ na ame sia be: Yi! eyina; eye ne megblɔ na ame bubu bena: Va! evana; eye ne megblɔ na ye dɔtsɔla bena: Wɔ esia! ewɔnɛ.


Eye eƒe mo wɔ yaa le woƒe dzimaxɔse la ŋuti. Eye wotsa le kɔƒe, siwo ƒo xlã afima la me hele nu fiãm.


Eye esi wòkpɔ woƒe xɔse la, egblɔ bena: Ame, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!


Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Wò xɔse la ɖe wò; yi ɖe ŋutifafa me!


Eye esi Yesu se esiawo la, eƒe mo wɔ yaa le eŋuti, eye esi wòtrɔ la, egblɔ na ameha, si dze eyome la bena: Mele egblɔm na mi bena: Le Israel gɔ̃ hã la nyemekpɔ xɔse sia tɔgbe kpɔ o.


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi yaa hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesiwo katã le nu ƒom la, ɖe menye Galileatɔwoe wonye oa?


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan