Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe, eye dzidzenu si ŋu dɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋu dɔ woawɔ atsɔ adzidze nu na wò hã.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 7:2
19 Iomraidhean Croise  

Woɖo ŋu na fia la bena: Ŋutsu, si wu mi, eye wòɖo lãme be, yeatsrɔ̃ mi ɖa, ne míaganɔ Israel-nyigba blibo la dzi o lae!


Elɔ̃ fiƒode, eyata neva edzi; yayra ƒe nu menyo eŋu o, eyata nenɔ adzɔge nɛ!


ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe,


Baba na wò nugblẽla, si womegblẽna o, wò adzoblasu, si womedaa adzoe o! Ne èwu nugbegblẽ nu la, woagblẽ wò hã, eye ne eda adzo vɔ la, woada adzo wò hã!


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mieɖo tom, be mia dome amesiame naɖe gbe ƒã ablɔɖe na nɔvia kple ehavi o, eyata ale Yehowa gblɔ esi: Maɖe gbe ƒã ablɔɖe na mi hena yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã.


Ke mahe to na Babel kple Kaldeatɔwo katã le mia ŋku me le woƒe vɔ̃, siwo katã wowɔ ɖe Zion ŋu la ta, Yehowa ye gblɔe.


Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã; alesi nèwɔ la, nenema woawo wò, eye wò nuwɔwɔwo ava wò ta dzi.


Elabena ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã.


Eye wògblɔ na wo bena: Milé to ɖe nusi Sem miele la ŋuti; dzidzenu, si mietsɔ dzidze nui la, eya ke woatsɔ adzidze nui na mi, eye woade edzi na mi.


mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.


Ke esia gblɔm mele bena, amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me.


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Miɖo teƒe ne, abe alesi eya hã ɖo eteƒe na mi ene, miɖo teƒe ne teƒe eve le eƒe dɔwɔwɔwo nu, kplu, si me wòtɔtɔ nu le la, mitɔtɔ nu teƒe eve nu ɖe eme nɛ.


Tete Adoni-Bezek gblɔ bena: Fia blaadre, siwo wolã asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo na la, faa nu wuwlui le nye kplɔ te ɖuna; alesi mewo la, eya teƒe Mawu ɖo teƒe nam. Eye wokplɔe yi Yerusalem, afisi woku ɖo.


Etsra ɖe eƒe afɔ nu wɔɔ, eƒe afɔ nu wòtsra ɖo, eye afisi wòtsra ɖo la, afima woku ɖo.


Samuel gblɔ bena: Alesi wò yi ɖe viwo le nyɔnuwo ŋu la, nenema ke woaɖe viwo le dawò ŋu le nyɔnuwo dome! Eye Samuel dza Agag le Yehowa ŋku me le Gilgal.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan