Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 5:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke esi wòkpɔ ameha geɖe wo la, elia to la; eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, eƒe nusrɔlawo te va egbɔ,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe, henɔ anyi eye eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 5:1
16 Iomraidhean Croise  

Eye ameha geɖewo ƒo ƒu ɖe eŋu ale bena, wòyi ɖe ʋu me ɖabɔbɔ nɔ anyi, eye ameha blibo la katã le tsitre ɖe ƒua nu.


Eye Yesu dzo le afima te yi ŋgɔ va Galilea-ƒua nu, eye wolia to la hebɔbɔ no anyi ɖe afima.


Eye ameha geɖewo dze eyome tso Galilea kple Dekapoli kple Yerusalem, Yudea kpakple Yordan godo.


eye wòke nu, fia nu wo gblɔ bena:


Eye wòyi ɖe to la dzi, eye wòyɔ amesiwo ye ŋuta le didim la, va egbɔe, eye woyi egbɔ.


Eye wòva aƒe me. Eye ameha la gale ƒu ƒom ale bena, womete ŋu ɖu abolo gɔ̃ hã o.


Eye wògade asi nufiafia me le ƒua nu, eye ameha gã ŋutɔ ƒo ƒu ɖe eŋu ale bena, wòyi ɖe ʋu me, eye wòbɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, ke ameha la katã le ƒua nu.


Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.


Eye esi wòɖi kpli wo la, etsi tre ɖe gbadzaƒea ɖe, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gãa ɖe kple amewo ƒe ha gãa ɖe, si tso Yudea katã kple Yerusalem kple Tiro kpakple Sidon-ƒuta la, va be woaɖo toe, eye be woada gbe le yewo ŋu le woƒe dowo me;


Eye wowu eƒe mo dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi gblɔ bena; Woayra mi, amesiwo nye ame dahewo; elabena miawo toe nye mawufiaɖuƒe la.


Eye wòva ve me anɔ ŋkeke enyi le nya siawo megbe bena, esi wòɖe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpe ɖe eɖokui ŋu la, eyi to la dzi, be yeado gbe ɖa.


Eye esi Yesu dze sii bena, wole vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi de to la dzi.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan