Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Abosam gakplɔe heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔa ɖe dzi, eye wòde xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

8 Esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsyɔ̃eƒe ke, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo fiae.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 4:8
13 Iomraidhean Croise  

eye wòna wokpɔ eƒe fiaɖuƒe ƒe kesinɔnu veviwo kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyuiawo ŋkeke geɖe, ŋkeke alafa ɖeka kple blanyi sɔŋ.


Eye Haman xlẽ eƒe kesinɔnu nyuiawo, via gbogboawo kple nusiwo katã fia la tso ɖoe gãe, kpakple alesi wòtsɔe ɖo amegãwo kple fia ƒe dɔlawo dzi la na wo.


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Emegbe Bileam gblɔ na Balak bena: Va tsi tre ɖe wò numevɔsa gbɔ, eye maɖe kpo; ɖewohĩ Yehowa aɖe eɖokui afiam, eye nusi wòna mekpɔ la, eya magblɔ na wò. Eye wòyi togbɛ ƒeƒlea ɖe dzi.


Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?


Tete Abosam kplɔ eyama heyi ɖe du kɔkɔe la me, eye wòtsɔe da ɖe gbedoxɔ ƒe tsutsuẽƒe,


Ke Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ, eye wòafia dɔwɔwɔ gãwoe awu esiawo, bena miaƒe mo nawɔ yaa.


Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna;


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan