Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 4:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedzii, bena Abosam natee akpɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii be Abosam natee kpɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 4:1
18 Iomraidhean Croise  

Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


Eye wòava me be, ne medzo le gbɔwò la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ akplɔ wò adzoe ayi afisi nyemenya o. Eye ne meva gblɔe na Axab, eye mekpɔ wò o la, ekema awum; evɔ wònye wò dɔla vɔ̃a Yehowa tso eƒe ɖevime ke hafi.


Eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu kalẽtɔ blaatɔ̃ le wò dɔlawo dome, na wòayi ɖadi wò aƒetɔ, ɖewohĩ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ tsɔe yi ɖaxlã ɖe toawo dometɔ ɖeka dzi alo baliawo dometɔ ɖeka me. Ke eɖo ŋu bena: Migadɔ ame ɖa o!


Tete gbɔgbɔ la kɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe ɣedzeƒe-gbo, si ɖo ta ɣedzeƒe gome la nu; kpɔ ɖa, ŋutsu blave vɔ atɔ̃ le agbo la nu, eye mekpɔ Yaazanya, Azur vi, kple Pelatya, Benaya vi, amesiwo nye dukɔ la ƒe amegãwo le wo dome.


Eye gbɔgbɔ la kɔm le ŋutega me ɖada ɖe aboyomeawo gbɔ le Kaldea-nyigba dzi to Mawu ƒe gbɔgbɔ la me, eye ŋutega, si mekpɔ la, dzo le gbɔnye.


Tete gbɔgbɔ la kɔnu eye mese hoowɔwɔ abe anyigbaʋuʋu gãa ɖe ene le megbenye, esime Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho le eteƒe,


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Ekɔm le Mawu ƒe ŋutega me va dro ɖe to kɔkɔ booa ɖe dzi le Israel-nyigba dzi, eye wòle abe dua ɖee wotso ɖe edzi le dziehe gome ene.


Tete gbɔgbɔ la kɔm ɖaɖa ɖe xɔxɔnu metɔ, eye kpɔ da, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la taŋ.


Tete wòdo nane da abe asi ene helé nye taɖa, eye gbagba la kɔm ɖe anyigba kple dziƒo domee hekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va ɖo Yerusalem le agbo metɔ, si ɖo ta anyiehe gome la nu, afisi legbaa ɖe, si dea ŋuʋaʋã Yehowa me la le.


Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi o; elabena xexeamefia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o;


Ke esi wodo go le tsia me la, Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ la tsɔ Filipo dzoe, eye aƒedzikpɔla la megakpɔe o; elabena edze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ.


Elabena ame alesi nu Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, woawo la mawuviwo wonye.


Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.


Ke wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ;


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan