Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le ŋkeke mawo me la Yohanes, mawutsidetanamela, va do, eye wòle gbe ƒã ɖem le Yudea-gbedzi

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Le ŋkeke mawo me la, Yohanes Mawutsidetanamela dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le Yudea gbedzi. Nyati si dzi wòtu eƒe mawunyawo ɖo lae nye,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 3:1
27 Iomraidhean Croise  

Tete Benaya, Yehoyada vi la, yi ɖada nui ƒu anyi hewui, eye wòɖu ɖe eƒe xɔ me le gbedzi.


Vava, mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, amea ɖeke metsi tre kpɔ, si wu Yohanes mawutsidetanamela o; gake amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me la, wu eyama.


Ke esi woawo trɔ yina la, Yesu de asi nyagbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpɔ ge miedo go yi le gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum mahã?


Eye woawo gblɔ bena: Ɖewo bena, Yohanes mawutsidetanamelae, ke bubuwo bena, Elia ye, eye amea ɖewo hã gblɔ bena, Yeremya, alo nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.


Elabena Yohanes va mia gbɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi, eye miexɔ eyama dzi se o; ke nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo xɔ edzi se; gake miawo la, esi miekpɔe la, mietrɔ miaƒe tame emegbe bena, miaxɔ edzi ase o.


Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ,


Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vo. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixa nyanyuie la dzi se!


Abe alesi woŋlɔ ɖi le nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ la me ene bena: „Kpo ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖo ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo;


Ke wò, ɖevi la, woayɔ wò be dziƒoʋitɔ ƒe nyagblɔɖila; elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ, be nadzra eƒe mowo ɖo,


Ke esi Yohanes ƒe ame dodowo dzo yina la, ede asi gbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpo ge mieɖo go yi gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum la mahã?


tso keke Yohanes ƒe mawutsidedetaname dzi vaseɖe ŋkeke, si dzi woxɔe yi dzi le mía gbɔ; wo dometɔ ɖeka nazu eƒe tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mia ŋu.


Kpɔ ɖa, Yehowa na metsi agbe, abe alesi wòdo ŋugbe ene; esi Yehowa gblɔ nya sia na Mose la, ƒe blane vɔ atɔ̃ enye si va yi, esiwo me Israel zɔ gbedzi. Mexɔ ƒe blanyi vɔ atɔ̃ egbe siawo,


Eye Mose nyo, Keni ƒe viwo kpakple Yuda-viwo, ʋu tso devedu la me yi Yuda-gbedzi, si le Arad ƒe dziehe gome, eye wova no dukɔ la dome.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan