9 Elabena woate ŋu adzra ami sia ho gãe, eye woatsɔe ana ame dahewo.
9 Ate ŋu adzra ami sia, akpɔ ga home gã aɖe atsɔ na ame dahewo ɖe!”
Mawu ƒe ame Elisa ƒe ɖekakpui Gexazi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ gbe nusi Aramtɔ Naeman tso vɛ la, xoxo le esi. Meta Yehowa ƒe agbe: Ne nyemaƒu ɖu adze eyome aɖaxo nane le esi o fi!
Ke esi Yesu dze sii la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele fu ɖem na nyɔnu la? Elabena ewo do nyui nam.
Ke esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, eve dome na wo, eye wogblɔ bena: Nugbegblẽ sia gome ɖe?
Elabena ɖe wònye be, wodzra ami sia la, ne axɔ asi awu denario alafa etɔ̃, si woatsɔ ana ame dahewo. Eye woblu ɖe eta li liʋiliʋi le eŋuti.
Esime wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi la, wotre mɔ, eye wodze Bileam, Beor vi, amesi lɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu la yome;
Negbe dukɔ la koe ha alẽwo kple nyiwo, siwo nye busunuawo ƒe nyuitɔwo, be woatso asa va na Yehowa, wò Mawu la, le Gilgal.
Eye Saul kple dukɔ la kpɔ Agag kple alẽ nyuiwo, nyi damiwo kple alẽviwo kpakple nu nyuiwo katã ta, eye wometsrɔ̃ wo gbidigbidi o; ke wotsrɔ̃ nu ɖigbɔwo kple nu, siwo ŋu viɖea ɖeke mele o la gbidigbidi.