Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 26:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena ame dahewo la woli kpli mi ɖaa, ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

11 Ame dahewo li kpli mi gbe sia gbe, ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ tegbee o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 26:11
16 Iomraidhean Croise  

Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.


Ke esi Yesu dze sii la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele fu ɖem na nyɔnu la? Elabena ewo do nyui nam.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣesiaɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyuie na wo; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Elabena ame dahewo li kpli mi ɖaa; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Vinyewo, ɣeyiɣi via ɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ.


Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o; ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.


Metso Fofo la gbɔ, eye meva xexeame: megale xexeame gblẽm ɖi, eye meyina Fofo la gbɔ.


Eye azɔ la meyina amesi dom ɖa la gbɔ, eye mia dometɔa ɖeke mebiam bena: Afika neyina o.


Eye nyemegale xexeame o, ke woawo le xexeame, eye nye la megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, dzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me, bena woazu ɖeka abe miawo ene!


Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.


negbe ɖeko bena miaƒe ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi; nusi kekeake nye hã medoa vevie wɔna.


Elabena ame dahe magbe wò anyigba dzi nono o, eyata mede se na wò gblɔ bena: Ʋu wò asi na nɔviwò, si hiã tui, eye wòɖo ko le wò anyigba dzi la.


Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan