Eye wò Ezra ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo le wò Mawu ƒe nya, si le asiwò la nu, ne woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ, si katã le tɔsisi la ƒe go keme dzi, amesiwo katã nya wò Mawu ƒe seawo, eye amesi ke menya wo o la, mifia woe.
Ezra sia ho tso Babel va, enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu, de la me. Fia la na nusiwo kalã wòbia lae, elabena Yehowa, eƒe Mawu ƒe asi le edzi.
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le agbalẽfialawo ŋuti, amesiwo lɔ̃a tsatsa le awu ʋlayawo me kple gbeɖonamewo le ablɔwo me kple nɔƒe gbãtɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kpakple kplɔ̃ta nɔnɔwo le nuɖuƒewo;