6 Ke esi nusrɔ̃lawo yi la, wowɔ abe alesi Yesu ɖo na wo la ene;
6 Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi,
Tete Abram ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene, eye Lot hã yi kplii. Abram xɔ ƒe blaadre vo atɔ̃, esime wòʋu tso Xaran.
Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.
Eye Mose kpɔ dɔ blibo la; kpɔ ɖa, wowɔe, abe alesi Yehowa de se be, woawɔe la ene. Eye Mose yra wo.
Eye Mose wɔe pɛpɛpɛ. Alesi Yehowa de se ne la, nenema wòwɔ.
Eye mewɔ, abe alesi wode se nam ene: Metsɔ nye agba la do goe le ŋkeke me abe mɔzɔgba ene, eye metsɔ asi ŋɔ gli la le fiẽ; esi blukɔ do la, metsɔe dzoe, eye mekɔe ɖo abɔta le wo ŋku me.
„Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena: Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò; eƒe dɔm…, eye wòdo tedzi kple dɔwɔlã, si nye tedzivi.
eye wokplɔ tedzinɔ kple via ve, eye watsɔ woƒe avɔwo ɖo wo dzi, eye wòbɔbɔ nɔ wo dzi.
Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.
Evem be, meɖo fia Saul, elabena etrɔ megbe ɖem, eye mewo nye gbe dzi o. Tete dzi ku Samuel, eye wòdo ɣli na Yehowa zã blibo la.