Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 21:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 „Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena: Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò; eƒe dɔm…, eye wòdo tedzi kple dɔwɔlã, si nye tedzivi.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

5 “Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be, ‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’ ”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 21:5
39 Iomraidhean Croise  

Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Fia la bia Ziba bena: Nuka nèbe, yeawɔ nu siawoe? Ziba ɖo ŋu be: Tedziawo nye fia la ƒe aƒea to, ne woaɖo; aboloawo kple kutsetse kpoawo nye ɖekakpuiawo tɔ, ne woaɖu; eye wein la nye amesiwo ŋu ɖeɖi te le gbedzi la to, ne woano.


fia la gblɔ na wo bena: Miɖe miaƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo kpe ɖe mia ɖokui ŋu, eye mina vinye Salomo nado nye tedzisɔ, ne miakplɔe yi Gixon.


Eye Salomo ƒo tasiaɖamwo kple sɔdolawo nu ƒu; tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene kple sɔdola akpe wuieve le esi, eye wòtsɔ wo ɖo tasiaɖamwo ƒe ɖu me kple fia la gbɔ le Yerusalem,


Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa:


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Zion, wò du nyui xɔla, lia to kɔkɔ la; wò Yerusalem, du nyui xɔla, kɔ wò gbe dzi sesĩe; kɔe dzi megavɔ̃ o, eye gblɔ na Yuda-duwo bena: Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si!


Kpɔ ɖa, Yehowa na wosee le anyigba ƒe mlɔenu ke: Migblɔ na Zion-nyɔnuvi be: Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna, kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe dɔ dze eŋgɔ.


Nye Yehowa manye Mawu na wo, eye nye dɔla Dawid anye amegã le wo dome; nye Yehowa ye gblɔe.


Nye dɔla Dawid anye fia ɖe wo nu, eye kplɔla ɖeka ana wo katã si, woazɔ ɖe nye sewo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.


Ke makpɔ nublanu: na Yuda ƒe aƒe la, eye maxa na wo to Yehowa, woƒe Mawu la dzi, menye dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo matsɔ axa na wo o.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Ame atso Yakob me aɖu dzi, eye wòawu amesiwo kpɔtɔ ɖe duwo me.


Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.


Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi.


„Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“


Ke esi nusrɔ̃lawo yi la, wowɔ abe alesi Yesu ɖo na wo la ene;


Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.


Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.


Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.


Ɖeko sɔ geɖe meganɔ esi o, eye megaɖo dukɔ la ɖe Egipte, be wòaƒle sɔwo o, elabena Yehowa gblɔna mi bena: Migagbugbɔ to mɔ sia dzi o.


Edzi ŋutsuvi blane, eye wòxɔ tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃, amesiwo doa tedzivi blaadre, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe enyi.


Mi amesiwo do tedzinɔ ɣiwo, kple mi amesiwo no kuntruwo dzi, kpakple mi amesiwo le mo la, midzi ha!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan