Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 21:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye amehawo gblɔ bena: Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

11 Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 21:11
20 Iomraidhean Croise  

eye wòva nɔ du, si woyɔna be Nazaret la me, bene woawu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖilawo dzi la nu bena: Woayɔe be Nazaretetɔ.


Eye esi wòva Yerusalem la, du blibo la katã ƒo zi gblɔ bena: Ameka nye esia?


Ne miegblɔ bena, dziƒo wòtso la, agblɔ na mí bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se o? Ke ne miegblɔ bena, amewo gbɔ wòtso la, ekema mievɔ̃ ameha la; elabena wo katã wobu Yohanes abe nyagblɔɖila ene.


Eye wole didim be, yewoalée, ke woyɔ̃ ameha la, elabena wobunɛ abe nyagblɔɖila ene.


Ke bubuwo gblɔ bena: Eliya ye; eye bubuwo bena: Nyagblɔɖilae abe nyagblɔɖilaewo dometɔ ɖeka ene.


Gake ele nam be, mazɔ mɔ egbe kple etso kple ŋkeke, si dze eyome; elabena womeɖe mɔ be, woawu nyagblɔɖilaa ɖe le afia ɖeke o, negbe le Yerusalem ko.


Egblɔ na wo bena: Ka wòe? Eye woɖo ŋu nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutinyae, amesi nye nyagblɔɖila ŋusẽtɔ le nuwɔwɔ kple nyagbɔgblɔ me le Mawu kple dukɔ la ƒe ŋku me;


Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.


Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.


Eye wobiae bena: Ekema amekae? Eliya nenyea? Egblɔ bena: Menye nyee o. Nyagblɔɖila la nènyea? Eye wòɖo ŋu bena: O.


Eye wobiae gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle mawutsi dem ta na amewo, esi menye Kristo alo Eliya alo nyagblɔɖila nènye o mahã?


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, medze sii bena, nyagblɔɖila nènye.


Azɔ esi ameawo kpɔ dzesi, si wowu la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.


Esi ameha la dometɔa ɖewo se nya siawo la, wogblɔ bena: Vavã amesiae nye nyagblɔɖila la.


Azɔ wògagblɔ na ŋkuagbãtɔ la bena: Wò la, esi woʋu ŋkuwo na wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã? Eye wògblɔ bena: Nyagblɔɖila wònye.


Eya kee nye Mose, si gblɔ na Israel-viwo bena: „Aƒetɔ, miaƒe Mawu, la, ana nyagblɔɖilaa ɖe natsi tre na mi tso mia nɔviawo dome abe nye ene, eya miaɖo toe.“


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan