Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 20:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖi aƒetɔa ɖe, si do go ŋdikanya, be yeadɔ dɔwɔlawo de yeƒe weinbɔ me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe la ŋu lae nye esi: “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 20:1
22 Iomraidhean Croise  

Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyui wum ɖe eƒe abɔ me;


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi logoku, si amea ɖe tsɔ ƒã ɖe eƒe abɔ me;


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.


Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo;


Ke esi eya kple dɔwɔlawo nyi denario ɖeka ƒe asi ɖe ŋkeke ɖeka dzi la, edo wo de eƒe weinbɔ la me.


Ke nuka miesusuna? Vi eve le amea ɖe si, eye wòva gbãtɔ gbɔ gblɔ bena: Vinye, heyi nawɔ da le weinbɔ la me egbe.


Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via,


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie meɖi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!


Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃.


Elabena ele abe amea ɖe, si yi nugbe la ene, amesi yɔ eƒe dɔlawo, eye wotsɔ eƒe nuwo de asi na wo la.


le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.


Ele abe amea ɖe, si yi nugbe, egblẽ eƒe aƒe eɖi, eye wòna ŋusẽ eƒe dɔlawo, amesiame xɔ eƒe dɔwɔwɔ, eye wòde se na xɔnuvi la bena, wòanɔ ŋudzɔ la ene.


Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan