Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete la Herodes yɔ nunyalawo yi ɖe adzame, eye wòbia ɣeyiɣi, si dzi ɣletivi la do la wo tsitotsito.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

7 Esia megbe la, Herod dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa, eye wòbia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye, eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia be,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 2:7
16 Iomraidhean Croise  

Edo asi ɖa ɖe amesiwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti, eye wògblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.


Enyo, mina miadze aye ɖe wo ŋuti, bena womagasɔ gbɔ ɖe edzi o, eye ne aʋa dzɔ la, womagade míaƒe futɔwo dzi awɔ aʋa kpli mí ahaʋu le anyigba la dzi o.


Mele ekpɔm, gake menye fifiae o; mekpɔnɛ, gake mele kpuiƒe o. Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me; aŋe tonuƒuiwo na Moab, eye wòakaka la le amesiwo nye zi la nu.


Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena:


Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.


Eye esi wòdɔ wo ɖo ɖe Betlexem la, egblɔ bena: Miheyi ɖadi ɖevi la vevie; eye ne miekpɔe la, migava ka eta nam bena, nye hã mayi aɖade ta agu nɛ.


Ke Felike, esi wonyã nu le mɔ sia ŋuti kɔte la, ehe woƒe nya ɖe megbe hegblɔ bena: Ne aʋafia gã Lisia va la, mabia miaƒe nya la gɔme ase.


Eye da la tu tsi tso eƒe nu me ɖe nyɔnua yome abe tɔsisi ene, bene tɔsisi la nalée ayii.


Tete Saul gblɔ bena: Matsɔe nɛ, ne wòatrɔ zu mɔ nɛ, eye Filistitɔwo ƒe asi natui! Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Xɔ evelia, ne nanye nye to egbe!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan