Mateo 2:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191316 Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu. Faic an caibideilAgbenya La16 Esi Herod kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye la, dɔ me vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me, be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ɣeyiɣi si ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivia la nu. Faic an caibideil |