Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 16:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye woxe lilii. Alakpatɔwo, miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o mahã?

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

3 eye le ŋdi la, miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu, elabena akpɔ̃ ɖo, eye yame biã.’ Mienya ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 16:3
11 Iomraidhean Croise  

Amesiwo tso Isaxar-viwo dome la, wonye amesiwo nunya le tagba na, eye wonya ɣeyiɣi, si dzi Israel awɔ nane; woƒe tatɔwo le ame alafa eve, eye wo nɔviwo katã sea woƒe gbe.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Alakpatɔwo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena:


Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo!


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nakpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.


Baba na mi! Elabena miele abe yɔdo, siwo mele dzedzem o ene, eye amesiwo le wo dzi zɔm la, womenyɛ o.


Alakpatɔwo! Mienya alesi miaɖo anyigba kple dziƒo ƒe ŋku me akpɔ: ke aleke wɔ, bena mienya alesi míado ɣeyiɣi sia akpɔ o mahã?


Tete Aƒetɔ la xɔ dzi gblo ne bena: Alakpatɔwo! Ɖe mia dome amesiame metua eƒe nyi alo tedzi le lãnuɖunu la ŋuti le Sabat dzi, be wòakplɔe ayi tsinoƒe o mahã?


Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan