Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 10:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 ke miyi ɖe Israel ƒe me alẽ, siwo bu la, gbɔ boŋ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 ke boŋ miyi Israelvi siwo nye Mawu ƒe alẽ bubuwo la ko gbɔ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 10:6
20 Iomraidhean Croise  

Metra abe alẽ bubu ene; di wò dɔla, elabena nye ŋku medzo le wò seawo dzi o.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


Israel la, alẽ, si wonyã de gbe, eye dzatawo yɔ ɖe nu la wònye; gbã la Asur-fia ɖui, emegbe Babel-fia Nebukadnezar kuko eƒe ƒuwo.


Alẽ tatrawoe nye nye dukɔ; wo kplɔviwo flu wo, eye wokplɔ wo tra yi towo dzii, wole tsatsam tso to dzi yi togbɛ dzi, eye woŋlɔ wo miaƒe be.


Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.


Miedo ŋusẽ lã kudɔewo o, eye mieyɔ do esiwo ƒe lãme gblẽ o, miebla abi na esiwo ŋe ata o, miegbugbɔ esiwo ka hlẽ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu la o, ke boŋ mieɖu amegã ɖe wo dzi kple sesẽ, eye miesẽ ŋuta le wo ŋu.


Nye alẽwo le tsa glãla tsam le towo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã dzi, eye nye alẽwo ka hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi; amea ɖeke meli abla wo ta ase alo adi wo o.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Esi nye alẽwo zu nuhaha, eye nye alẽwo zu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, elabena kplɔlaa ɖeke meli o, eye nye lãkplɔviwo mebiaa nye alẽwo ta sena o, lãkplɔviawo nyi woawo ŋutɔ ɖokui, eye wogbe nye alẽwo nyinyi la,


Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.


Elabena Amegbetɔvi la va be, wòaɖe nusiwo bu la.


eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


ke boŋ megblɔe fia Damaskotɔwo gbã, kple amesiwo le Yerusalem kple Yudea nutometɔwo katã kpakple trɔ̃subɔlawo hã, bena woatrɔ le woƒe dzi me, eye ne woagbugbɔ ava Mawu gbɔ, ne woawɔ dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ.


Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be woayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.


Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan