Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 10:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nenem me wuieve siawo Yesu dɔ hede se na wo gblɔ bena: Migayi ɖato trɔ̃subɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye migayi ɖe Samariatɔwo ƒe dua ɖeke me hã o;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

5 Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kple gbedeasi sia be, “Migayi Trɔ̃subɔlawo kple Samariatɔwo gbɔ o,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 10:5
27 Iomraidhean Croise  

eye wòdɔ eƒe dɔlawo, bena wòayi aɖayɔ amesiwo wokpe la, ava srɔɖeŋkekenyuieɖuƒee; ke womelɔ̃ bena, yewoava o.


„Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, ƒutamɔ, Yordan godo, trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea,


Tete wòyɔ ame wuieve la va egbɔ, eye wòde asi wo dɔdɔ me eveveve; eye wòna ŋusẽ wo de gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi;


Ke nusiawo megbe la Aƒetɔ la ɖo ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.


Ke Samariatɔa ɖe le mɔ zɔm va ɖo afisi wòle, eye esi wòkpɔe la, eƒe dome trɔ ɖe eŋu;


eye wòdze klo tsyɔ mo anyi de eƒe afɔ nu hele akpe dam nɛ; eye eya la Samariatɔ wònye.


Eye wòyɔ nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ kple mɔ wo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã dzi, eye be, woaɖe dɔlélewo ɖa.


Eye wòdɔ wo ɖa be, woaɖe gbe ƒã mawufiaɖuƒe la, eye be woada gbe dɔlélawo ŋu.


Sigbe alesi nedɔm ɖo ɖe xexeame ene la, nenema ke nye hã medɔ wo ɖo ɖe xexeame.


Tete Yesu gagblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi! Sigbe alesi Fofo la dom ɖa ene la, nenema ke nye hã mele mia dɔm ɖa.


Mia fofowo doa gbe ɖa le to sia dzi, eye miawo miegblɔ bena, teƒe le Yerusalem, afisi wòle be, woaɖo gbe ɖa le.


Ale wòva Samariatɔwo ƒe dua ɖe, si woyɔna be Sixar me, si le ɖe anyigba, si Yakob na via Yosef la ŋuti;


Samaria-nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã? — Elabena Yudatɔwo kple Samaria-tɔwo menyina o —


Tete Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo bena: Afika amesia le yiyi ge bena, mía te ŋu akpɔe oa? Ɖe wòle, amesiwo kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ yi ge, eye wòafia nu Helatɔwo mahã?


Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ɖe miegblɔe de eteƒe bena, Samariatɔ nenye, eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo o mahã?


Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.


Eye kuvia ɖo xɔsetɔ, siwo tso aʋatsotso la me, ame geɖe alesi nu va kple Petro, bena wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana; kɔ ɖe trɔ̃subɔlawo hã dzi.


Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.


esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan