Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 10:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 nagatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

10 migatsɔ mɔzɔkotoku kple awu bubuwo hã ɖe asi o, eye migatsɔ afɔkpa alo atizɔti teti hã o, elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 10:10
12 Iomraidhean Croise  

Mia kple miaƒe ƒometɔwo miekpɔ mɔ aɖui le afisiafi, elabena dɔ, si wɔm miele le Mawu ƒe agbadɔ ŋu la, ƒe fetu wònye.


Ke ne miayi ɖe ɖu alo kɔƒea ɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie; eye minɔ afima, vaseɖe esime miadzo.


eye wòde se na wo bena, woagatsɔ naneke de asi de mɔzɔzɔ ŋu o, negbe atizɔti ko; menye kotoku alo abolo o, alo ga nanɔ woƒe go nu hã o;


Eye wòɖo ŋu gblɔ na wo bena: Amesi awu eve le esi la, nena amesi ɖeke mele esi o, eye amesi nunyiame le esi la, newɔ nenema ke.


Eye wògblɔ na wo bena: Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, ati loo, alo kotoku alo abolo alo klosalo alo awu eve o.


Ne egbɔna la, tsɔ awu ʋlaya, si megblẽ ɖe Troa ɖe Karpo gbɔ la, kple agbalẽawo ɖe asi vɛ, vevietɔ lãgbalẽ la.


Etsɔ eƒe atizɔti ɖe asi, eye wòdi kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ le tɔʋu la me hetsɔ wo de alẽkplɔnu, si nye akplɔ la me, eye wòlé eƒe akafo ɖe asi hezɔ ɖe Filistitɔ la dzi.


Saul gblɔ na eƒe dɔla bena: Ne míeyi ɖe, nuka miatsɔ ayi na ame la? Elabena abolo vɔ le akplɔ me na mi, eye nunanaa ɖeke hã meli miatsɔ ayi na Mawu ƒe ame la o. Nukae heli ma?


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan