8 Asa dzi Yosafat, Yosafat dzi Yoram, eye Yoram dzi Uziya;
8 Asa dzi Yehosafat, Yehosafat dzi Yoram, Yoram dzi Uzia,
Eye Asa mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ le fofoa Dawid ƒe ɖu la me, eye via Yosafat zu fia ɖe eteƒe.
Tete Yuda-dukɔ blibo la tsɔ Azarya, amesi nye ƒe wuiade vi la, ɖo fia ɖe fofoa Amazya teƒe.
Yoram, Axab vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria le Yuda-fia Yosafat ƒe ƒe wuienyilia me, eye woɖu fia ƒe wuieve.
Eye Yoram, Yuda-fia Yosafat ƒe vi, zu fia le Israel-fia Axab ƒe vi Yoram ƒe ƒe atɔ̃lia me, le Yuda-fia Yosafat ŋɔli.
eya ƒe vi nye Yoram, eya ƒe vi nye Axazya, eya ƒe vi nye Yoas,
Eye Yosafat mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me, eye via Yoram zu fia ɖe eteƒe.
Salomo dzi Rexabeam, Rexabeam dzi Abiya, eye Abiya dzi Asa;
Uziya dzi Yotam, Yotam dzi Axaz, eye Axaz dzi Xizkiya;