Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Mateo 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye esi wokplɔ wo yi ɖe Babilonia megbe la, Yexonya dzi Sealtiel, eye Sealtiel dzi Zerubabel;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

12 Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Mateo 1:12
20 Iomraidhean Croise  

Eɖe aboyo Yerusalem blibo la kple amegãwo katã kpakple aʋawɔlawo katã, atikpalawo katã kple nutulawo. Aboyomeawo le ame akpe ewo, amea ɖeke mekpɔtɔ o, negbe dukɔ hahoo la ƒe ame dahewo ko.


Esime wode aboyo Yuda-fia Yoyaxin ƒe blaetɔ̃ vɔ adre megbe, le dzinu wuievelia ƒe ŋkeke blave vo adrelia dzi la, Babel-fia. Ewil Merodax de Yuda-fia Yoyaxin tso gaxɔ me le ƒe, si me wòzu fia.


Yexonya, amesi nye aboyome la ƒe viwo nye: Sealtiel,


Tete Yesua, Yozadak vi, kple nɔvia, siwo nye nunɔlawo, kpakple Zerubabel, Sealtiel vi, kple nɔviawo wotso, eye wodi Israel ƒe Mawu ƒe vɔsemlekpui la, ne woasa numevɔ le edzi, abe alesi woŋlɔe de Mawu ƒe eme Mose ƒe se la me ene.


Ɣemaɣi Zeruhabel, Sealtiel vi, kple Yesua, Yozadak vi, wotso hede asi Mawu ƒe xɔ la tutu me le Yerusalem, eye Mawu ƒe nyagblɔɖilawo le wo ŋu hedo alɔ na wo.


Nunɔlawo kple Lewi-vi, siwo gbɔ kple Zerubabel. Sealtiel vi, kpakple Yesua, wo ye Seraya, Yeremya, Ezra,


Yehowa be: Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ɖe wònye ŋkosigɛ nye Yuda-fia Xonya, Yoyakim vi la, le nye ɖusi la, anye ne maɖee aƒu gbe tso gama,


Ɖe ze gbagbã, si ɖi gbɔ, enye Xonya sia loo, alo ze, si ƒe nu menyoa amea ɖeke ŋu o la, wònyea? Nukata wonyã eya kple viawo de gbe, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, si womenya o la dzi?


Ale Yehowa gblɔ esi: Miŋlɔ ŋutsu sia ɖi be, medzi vi o, enye ŋutsu, si naneke medze dzi na le eƒe agbe me o; elabena madze dzi na viawo dometɔa ɖeke, be wòabɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi ahaɖu le Yuda akpa o.


nusiwo Babel-fia Nebukadnezar metsɔ dzoe, esime wòɖe aboyo Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, tso Yerusalem yi Babel hekpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe bubumewo katã ŋu la o.


Le fia Dario ƒe ƒe evelia me? le dzinu adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


Tete Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔeawo katã wose Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe kple nyagblɔɖila Xagai ƒe nya, siwo Yehowa, woƒe Mawu la, de asi nɛ ɖo ɖe wo; eye dukɔ la vɔ̃ Yehowa.


Tete Yehowa de dzo lã me na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ ƒe susɔeawo katã, be wova hewɔ dɔ le Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la ƒe xɔ la ŋu,


Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔea bena:


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la matsɔ wò, nye ɖɔla Zerubabel, Sealtiel vi, awɔ ŋkɔsigee; elabena wòe metia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


eye Yosiya dzi Yexonya kple nɔviawo, le esime wokplɔ wo yi ɖe Babilonia.


Zerubabel dzi Abihud, Abihud dzi Elyakim, eye Elyakim dzi Azur;


Azɔ dzidzimeawo katã tso Abraham dzi vaseɖe Dawid dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso Dawid dzi vaseɖe kpakple yi ɖe Babilonia dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso kpɔkplɔ yi ɖe Babilonia dzi vaseɖe Kristo dzi la wole dzidzime wuiene.


amesi nye Yohanan vi, amesi nye Resa vi, amesi nye Zerubabel vi, amesi nye Salatiel vi, amesi nye Neri vi,


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan