Eye wòdo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ta le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Vɔsamlekpui, vɔsamlekpui! Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, wole ŋutsuvia ɖe dzi ge na Dawid ƒe aƒe la, si ŋkɔ anye Yosiya, eya awu nuxeƒe ƒe nunɔlawo ɖe dziwò, amesiwo doa dzudzɔ le dziwò, eye wòatɔ dzo ameƒuwo ɖe dziwò.
Eye Xizkiya mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe to dzi mɔ, si yi Dawid viwo ƒe yɔdowo gbɔ la to. Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo ɖe bubu eŋu le eƒe ku me, eye via Manase zu fia ɖe eteƒe.