Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye esi wole ɖiɖim tso to la dzi la, Yesu de se na wo bena, woagagblɔ nusiwo wokpɔ la, na amea ɖeke o, negbe ne Amegbetɔvi la tsi tre tso ame kukuwo dome ko.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

9 Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le Amegbetɔ Vi la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 9:9
15 Iomraidhean Croise  

Mele nya he ge alo ɣli do ge gbeɖe o; eye amea ɖeke mele eƒe gbe se ge le ablɔwo me hã o.


elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.


Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.


Aƒetɔ, mieɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye wogbe nya na wo vevie bena, amea ɖeke naganyae o; eye wòbena, woana nanee, ne wòaɖu.


Eye wòde se na wo bena, woagatoe na amea ɖeke o; ke geɖe alesi wòde se na wòe la, geɖe wu woyi ɖakakae.


Eye wodzra nya la ɖo, eye wobia le wo nɔewo dome bena: Nukae nye tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la mahã?


Eye enumake, esi wole ŋku tsam godoo la, womegakpɔ amea ɖeke o, negbe Yesu ɖeka koe le wo gbɔ.


eye wògblɔ na wo bena: Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe;


Eye esi gbe la ɖi la, wokpɔ Yesu ɖeka ko. Eye wozi kpi, eye wometo nusiwo wokpɔ la ƒe ɖeke na amea ɖeke le ŋkeke mawo me o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan