Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ŋkeke ade megbe la Yesu ɖe Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔa ɖe dzi, woawo ɖeɖe; eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o. Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe,

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 9:2
23 Iomraidhean Croise  

Eyome wòɖo nakeawo ɖo, eye wòɖi nyitsu la heɖo nakeawo dzi.


Tete Axab yi, be yeaɖu, eye yeano nu. Ke Eliya yi Karmel-to la ta me, eye wonɔ klotinu ɖe anyigba hetsɔ mo de ata me.


Tete Mose tso, eye eƒe subɔla Yosua kpe ɖe eŋu, eye Mose lia Mawu ƒe to la.


Wò ŋkuwò akpa fia la le eƒe atsyɔ̃ me, akpɔ anyigba keke la,


Edze abe atilɔ fẽ ene le eŋku me, eye abe ke ƒe dzedzè tso anyigba ƒuƒu me ene. Nɔnɔme kple ɖekadzedze mele eŋu, ne míaɖe ŋku ɖee o, eye kpɔkpɔme mele eŋu, ne eƒe nu nadzro mí o.


Ke esi Yesu see la, eɖo ʋu dzo le afima, eye wòƒo asa yi ɖe gbedzi. Eye esi amehawo see la, woto afa tso duawo me va dze eyome.


Eye wòɖe Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye dzidzi ƒoe, eye wòde asi dzodzo me nyanyanya.


Ke nusiawo megbe la eɖe eɖokui fia wo dome ame eve, siwo le tsa ɖim yina agbleta la, le nɔnɔme bubu me.


Eye mede mɔ na amea ɖeke be, wòadze eyome o, negbe Petro kple Yakobo kple Yohanes, Yakobo nɔvi la ko.


Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.


Zi etɔ̃lia enye si megbɔna mia gbɔ; ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu woaƒo nya sia nya ta le.


amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.


Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan