Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 9:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Mawu ƒe fiaɖuƒe la wògbɔna kple ŋusẽ.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

1 Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, mia dometɔ aɖewo, siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la nava le ŋusẽ gã aɖe me.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 9:1
13 Iomraidhean Croise  

Vavã mele egblɔm na mi bena, amea ɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖo ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.


Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã, nava ve me o.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖee fiae bena, mele kuku ge, hafi akpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo o.


elabena mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi la nyemegale weintsetsea ɖeke me tsi no ge akpɔ o, vaseɖe esime mawufiaɖuƒe la ava.


bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.


Ke mele egblɔm na mi nyateƒelɔe bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia dome, esiwo mele ku ɖɔ ge akpɔ, vaseɖe esime woakpɔ mawufiaɖuƒe la o.


Tete nya sia ɖo nɔviawo dome bena, nusrɔ̃la ma mele kuku ge o; eye Yesu megblɔ ne bena, mele kuku ge o, ke boŋ: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wòtsɔa?


Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan