Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 8:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye wòɖo bena, ameha la nabɔbɔ nɔ anyigba; eye wotsɔ abolo adre la, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, èŋe me, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo, bena woatsɔe na wo, eye wotsɔe ɖo ameha la kɔ me.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Etsɔ abolo adreawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛkakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo, eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 8:6
18 Iomraidhean Croise  

Eye esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã!


Eye wo ame adre ɖe ame akpe ene dome la, kakɛawo la kevi nenie fũ miefɔ mahã? Eye wobena: Wo ame adre.


Eye wòbia wo bena: Abolo nenie le mia si mahã? Ke wogblɔ bena: Wo ame adre.


Eye lãvi ʋeea ɖewo hã le wo si, eye esi wòyra ɖe wo dzi la, ena wotsɔ woawo hã ɖo wo kɔ me.


Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi bena: Asa avɔ ɖe ali, eye wòana be, woanɔ kplɔ ŋuti, eye wòatsa wo dzi asubɔ wo.


Eye wòva ve me bena, esi eya kple wo le nuɖuƒe la, etsɔ abolo la, eye esi wòyra ɖe edzi, eye wòŋe eme la, etsɔe na wo.


Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.


eye ʋu bubuwo tso Tiberia va ɖo afisi medidi tso teƒe, si woɖu abolo, si ta Aƒetɔ la da akpe le la, gbã o.


Amesi bua ŋkeke la, ebunɛ na Aƒetɔ la; eye amesi mebua ŋkeke o la. Aƒetɔ lae mebunɛ na o. Amesi ɖua nu la, eɖunɛ na Aƒetɔ la, elabena eda akpe na Mawu; eye amesi meɖua nu o la, Aƒetɔ lae meɖunɛ na o, eye wodaa akpe na Mawu.


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


Ne miede dua me la, miatui, hafi wòava yi nuɖuƒe le to la dzi; elabena dukɔ la meɖua nu o, vaseɖe esime wòvana va yra vɔsanu la, hafi amesiwo wokpe vɛ la ɖua nu. Eyata miyi, elabena miele etu ge egbea kokoko!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan