Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 8:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye wòdɔe ɖo ɖe eƒe me gblɔ bena: Megayi ɖe ɖu la me o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

26 Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me hafi nàyi o.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 8:26
7 Iomraidhean Croise  

eye wogbe nya na wo bena, woagana wòanya ye o;


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye woƒe ŋkuwo ʋu. Eye Yesu gbe nya na wo vevie gblɔ bena: Kpɔ ɖa, migana amea ɖeke nanyae o.


Eye wogbe nya na wo vevie bena, amea ɖeke naganyae o; eye wòbena, woana nanee, ne wòaɖu.


Eye wòde se na wo bena, woagatoe na amea ɖeke o; ke geɖe alesi wòde se na wòe la, geɖe wu woyi ɖakakae.


Eye esi wòlé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu la, ekplɔe do go tso du la me, eye esi wòɖe ta ɖe ŋku dzi nɛ, eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo edzi la, ebiae bena: Ele nane kpɔma?


Tete wògatsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe ŋkuwo dzi, eye wòklẽ ŋku sesĩe; eye wòɖɔe do, eye wòkpɔ nusianu nyuie.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan