Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 8:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye farisitɔwo do go va, eye wode asi nusese me kplii hele dzesi biamii tso dziƒo hele etem kpo.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

11 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la se be Yesu va ɖo teƒea ale woyi be yewoahe nya kplii. Wova gblɔ nɛ be, “Wɔ dzesi aɖe tso dziƒo fifia míakpɔ, ekema míaxɔ dziwò se.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 8:11
27 Iomraidhean Croise  

Tete dukɔ la wɔ dzre kple Mose, eye wogblɔ bena: Mina tsi mi miano! Mose ɖo ŋu na wo bena: Nukaŋuti miele dzre wum kplim? Nukaŋuti miele Yehowa tem kpɔ?


Eye wona ŋkɔ teƒe la bena: Masa kple Meriba. Elabena Israel-viwo wɔ dzre, eye wote Yehowa kpɔ gblɔ bena: Ɖe Yehowa le mía dome loo, alo meli o?


Ke azɔ la yewole dadalawo kafum; nu vɔ̃ɖi wɔlawo li ke, eye esi wote Mawu kpɔ la, wosi le enu oa?“


Tete agbalẽfialawo kple farisitɔwo dome tɔa ɖewo ɖo eŋu gblɔ bena: Nufiala, miedi be, míakpɔ dzesi tso gbɔwò.


Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wotee kpɔ gblɔ bena: Alo woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã?


Ke esi wòva mawuƒe me, eye wòle nu fiãm amewo la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ gblɔ bena: Ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe, eye amekae tsɔ nenem ŋusẽ sia na wò mahã?


Tete farisitɔwo yi, eye wode adaŋu alesi woawɔ, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.


Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo!


Le ŋkeke ma dzi la zadukitɔ, siwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o la, va egbɔ, eye wobiae bena:


Ke esi wòdze si woƒe alakpadada la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã? Mitsɔ denario la vɛ, ne makpɔ!


Ke esi farisitɔwo dome agbalẽfialawo kpɔ bena, ele nu ɖum kple nuvɔ̃wɔlawo kpakple nudzɔlawo la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke wo bena, woɖua nu, eye wonoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Eye wòbia wo bena: Nuka miele nu sẽm kpli wo?


Eye kpɔ ɖa, sefialaa ɖe tsi tre le etem kpɔ gblɔ bena: Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã?


Eye bubuwo le etem kpɔ hele dzesi dim tso egbɔ tso dziƒo.


Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Ne menye dzesiwo kple nukunuwo miekpɔ o la, miexɔnɛ sena o.


Tete wogblɔ nɛ bena: Ekema dzesi ka newɔ, bena míakpɔ, eye miaxɔ dziwò ase mahã? Nuka nèwɔna?


Ɖe amegãwo alo farisitɔwo dometɔa ɖe xɔ edzi se mahã?


Ke wogblɔ esia hele etem kpɔ, bena yewoakpɔ nyaa ɖe atso enu. Eye Yesu do dɔgɔ̃e, eye wòtsɔ asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba.


Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.


Migana miate Kristo akpɔ, abe alesi wo dome amea ɖewo tee kpɔ fe ye dawo tsrɔ̃ wo ene la o.


Migate Yehowa, mia Mawu la kpo, abe alesi mietee kpɔ le Masa la ene o;


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan