Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke dzodzroe wole subɔyem, hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiãm.“

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

7 Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro, elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 7:7
15 Iomraidhean Croise  

Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la,


ɖe miegblɔna be: „Mawusubɔsubɔ la, dzodzroe, viɖe ka wonye be, míeléa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye mienɔa ahovɔ me nɔa yiyim le Yehowa Zebaot ŋku me hã oa?


Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.“


Ke ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.


Ke ne Kristo metsi tre o la, ekema miaƒe gbeƒãɖeɖe enye dzodzro, eye miaƒe xɔse hã enye dzodzro.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


nusiwo katã le gbegblẽ ge to wo ŋutidɔwɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu la mahã?


Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo.


Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.


Ke, wò ame gbɔlo, ɖe nèle didim be, yeanyae bena, xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ la enye nu kuku mahã?


Mele ɖase ɖim na amesiame, si le agbalẽ sia me nyagblɔɖilawo sem la bena, ne amea ɖe tso nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la akpe ɖe eŋuti nɛ,


Migate ɖa, ne miadze nu dzodzro, siwo me viɖe mele o, eye womate ŋu aɖe mi o la yome o; elabena nu dzodzrowo wonye!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan