Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 7:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eɖo ŋu na wo bena: Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mi alakpatɔwo ŋuti, abe alesi woŋlɔe ɖi ene bena: „Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

6 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “ ‘Ame siawo le kafuyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 7:6
14 Iomraidhean Croise  

Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la,


Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.


Gake menya mi bena, Mawu ƒe lɔlɔ̃ la mele mia ŋutɔwo mia ɖokui me o.


Eye esi woƒe gbe mesɔ o la, wodzo le nya ɖeka, si Paulo gblɔ la ta bena, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie na nua fofowo to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena:


amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!


Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan