Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 7:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye farisitɔwo kple agbalẽfialawo biae bena: Nukaŋuti wò nusrɔ̃lawo mezɔna le amegãwo ƒe koa nu o, ke boŋ woɖua abolo asi maklɔmaklɔe mahã?

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

5 Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe blemakɔnu o ɖo? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.”

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 7:5
12 Iomraidhean Croise  

Nukaŋuti wò nusrɔ̃lawo daa blematɔwo ƒe kɔawo dzi mahã? Elabena womeƒoa asi hafi ɖua abolo o.


eye miena Mawu ƒe nya la tsi mabumabu le miaƒe ka, si mieɖo anyi la ŋuti; eye nusiawo tugbe geɖe miewɔna.


Miegblẽ Mawu ƒe se la ɖi, eye mielé amewo ƒe kɔnyinyi me ɖe asi le zewo kple kplu wo kɔklɔ me; eye nu bubu geɖe, siwo le abe esiawo ene la, miewɔna.


Eye wògblɔ na wo bena: Mieɖe Mawu ƒe se la ɖa nyuie, bena mianyi mia ŋutɔwo ƒe kɔ.


eye wose le ŋutiwò bena, èfia nu Yudatɔ, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome, bena wòatrɔ le Mose yome hele gbɔgblɔm bena, womegatso aʋa na wo viwo alo woazɔ le kɔawo nu o.


Ŋutsu ene, siwo ɖe adzɔgbe la, le mía si; amesiawo natsɔ, eye nakɔ ɖokuiwò ŋuti kpli wo, eye naxe nusi wonana la, ɖe wo ta, be woate ŋu alũ ta; ekema amewo katã adze sii bena, nusiwo yewose le ŋutiwò la, mele eme o; ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi.


bene wòanye fofo na aʋatsotsotɔwo hã, amesiwo metso aʋatsotso me ɖeɖeko o, hafi amesiwo zɔna le mía fofo Abraham ƒe xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la ƒe afɔtoƒewo me la boŋ.


Eye mede ŋgɔgbe le Yudatɔnyenye me wu nye hati geɖewo le nye dukɔ la dome, eye meɖikpi ʋã ŋu akpa le mía fofowo ƒe nuɖoanyiwo ŋuti.


Elabena miese bena, amea ɖewo zɔna sakasaka le mia dome, eye womewɔa dɔa ɖeke o, ke boŋ wowɔa yakadɔwo sɔŋ ko.


Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan