Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wokpɔ bena, eƒe nusrɔ̃laa ɖewo le abolo ɖum kple asi ƒoɖi, egɔme nye asi maklɔmaklɔe la;

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Ame siawo de dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔa asi le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o.

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 7:2
12 Iomraidhean Croise  

Nukaŋuti wò nusrɔ̃lawo daa blematɔwo ƒe kɔawo dzi mahã? Elabena womeƒoa asi hafi ɖua abolo o.


Eye farisitɔwo kple agbalẽfialawo biae bena: Nukaŋuti wò nusrɔ̃lawo mezɔna le amegãwo ƒe koa nu o, ke boŋ woɖua abolo asi maklɔmaklɔe mahã?


Ke esi farisitɔ la kpɔe la, eƒe mo wɔ yaa bena, mele tsi gbã, hafi le nua ɖu ge o.


Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;


Ke megblɔ bena: Kpao, Aƒetɔ, elabena nu dzodzro alo nu makɔmakɔa ɖeke mede nye nu me kpɔ o.


Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na.


fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?


Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan