Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -




Marko 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã?

Faic an caibideil Dèan lethbhreac

Agbenya La

2 Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm!

Faic an caibideil Dèan lethbhreac




Marko 6:2
11 Iomraidhean Croise  

Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Eye wòva me, esime Yesu wu nenem nya siawo nu va la, kuvia ɖo amehawo le eƒe nufiafia la ŋuti;


Eye wòyi ɖe woƒe ƒuƒoƒeawo me le Galilea katã hele gbe ƒã ɖem, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go domii.


Eye esi wòdzo le afima la, eva Yudea-nutoawo me kple Yordan godo, eye amehawo gava ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, egafia nuwo.


eye amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.


Eye wòfiã nu le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wo katã wokafui.


Eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yesu, Yosef vi la, amesi toto kple dada miawo mienyã lae o ɖe? Azɔ aleke wɔ amesia le gbɔgblɔm bena: Meɖi tso dziƒo va mahã?


Eyaŋuti Yudatɔwo tsi yaa gblɔ bena: Aleke wo amesia nya agbalẽ, esi nasrɔ̃ nu kpo o mahã!


Lean sinn:

Sanasan


Sanasan